Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 11:3 - Agbenya La

3 Elabena Yehowa na Egiptetɔwo lɔ̃ Israelviwo, eye Mose nye amegã aɖe le Egiptenyigba dzi; Farao ŋumewo kple Egiptetɔ bubuawo siaa bunɛ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Yehowa na Egipte-tɔwo ve dukɔ la nu, eye Farao ŋu mewo kple eƒe dukɔ la bu Mese ŋuta le Egipte-nyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 11:3
14 Mawu Ofanana  

Ne èwɔ esia la, mana nàzu dukɔ gã aɖe fofo. Mayra wò, eye mana nàxɔ ŋkɔ. Gawu la, àhe yayra vɛ na ame geɖewo.


Ke Yehowa ganɔ kple Yosef le afi ma hã; eve enu, eye wòna gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã ƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu.


Menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me!


Mordekai nye ame ŋkuta aɖe le fiasã la me, eƒe ŋkɔ ɖi de fiaɖuƒe la ƒe akpa sia akpa, eye eƒe ŋusẽ ganɔ dzi dem ɖe edzi ɣe sia ɣi.


Ena ame siwo katã ɖe aboyo wo la kpɔ nublanui na wo.


Israelviwo wɔ abe ale si Mose gblɔ na wo ene. Woɣe klosalonuwo kple sikanuwo kple awuwo le Egiptetɔwo si.


Yehowa na Egiptetɔwo nyo dɔ me na Israelviwo ale gbegbe be wotsɔ nu sia nu si Israelviwo bia wo la na wo. Ale Egiptetɔwo ƒe nu sia nu kloe yi Israelviwo gbɔ!


“Makpɔ egbɔ be Egiptetɔwo tsɔ nunanawo na mi gleglegle le miaƒe dzodzoɣi ale be miadzo kple asi gbɔlo o!


Ame siwo te wò ɖe to la, ƒe ŋutsuviwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò. Ame siwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woayɔ wò be Yehowa ƒe Du, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe Zion.


Wohe Mose ɖe Egiptetɔwo ƒe nunya nu, ale wòtsi va zu fiavi xɔŋkɔ aɖe le nunya kple dɔwɔwɔ me.


Ke tso ɣe ma ɣi la, nyagblɔɖila aɖeke meganɔ anyi kpɔ le Israel abe Mose ene o, elabena Yehowa ƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume,


eye wòwɔ dzesi kple nukunu siwo katã Yehowa ɖoe ɖa be wòawɔ le Egiptenyigba dzi na Farao, na eƒe subɔlawo katã kple dukɔ blibo la,


Gbe ma gbe nye ŋkeke gã aɖe na Yosua, elabena Yehowa de bubu gã aɖe eŋu le Israelviwo katã ŋkume. Ale wobui, eye wovɔ̃e abe Mose ene le eƒe agbemeŋkekewo katã me.


Mana ame siwo nye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo, ame siwo gblɔ be yewonye Yudatɔwo, evɔ womenyee o, ke boŋ wonye alakpatɔwo la ava de ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woaʋu eme be melɔ̃ wò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa