Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 10:7 - Agbenya La

7 Farao ƒe aɖaŋudelawo va Farao gbɔ azɔ, eye wobiae be, “Ɖe nèdi be yeatsrɔ̃ mí gbidigbidia? Ɖe mènya be fifia gɔ̃ hã la, nu sia nu gblẽ le Egipte oa? Ɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye Farao ŋu mewo gblɔ nɛ bena: Zi nenie gɔ̃ ame sia anye mɔ̃ anɔ mía ɖem? Ɖe asi le ameawo ŋu, be woaɖasubɔ Yehowa, woƒe Mawu! Mèle ekpɔm haɖe be, Egipte le gbagbãm oa?

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 10:7
16 Mawu Ofanana  

eye agbledeƒe zu dzeƒi le ame siwo le teƒe ma ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.


Egiptetɔwo ƒo du ɖe Israelviwo nu be woadzo le anyigba la dzi kaba, abe ale si woate ŋui ene, elabena wogblɔ be, “Ne menye nenema o la, mí katã míele kuku ge.”


Mègana woanɔ mia dome o, elabena menya be woana miadze woƒe mawuwo subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me; esia anye mɔtetre na mi, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e gã va mia dzi.”


Ekema Egiptetɔwo adze sii be le nyateƒe me la, nyee nye Yehowa, ne meɖe nye ŋusẽ fia Egiptetɔwo, eye mekplɔ Israelviwo dzoe le wo dome.”


Akunyawɔlawo gblɔ na Farao be, “Esia nye Mawu ƒe asinudɔ.” Ke Farao gasẽ dzi me kokoko: meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene.


Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ denɛ mɔ me, ke ame dzɔdzɔe adzi ha atso aseye.


Nyɔnu si nye gamɔ kple ɖɔ si ɖea ame la ƒe aɖi nu sẽna wu ku tɔ. Mawu naɖi be nàte ŋu asi le enu, ke nu vɔ̃ wɔla mesina le eƒe mɔtetrewo nu o.


Womaɖi wò abe woawo ene o, elabena ègblẽ wò anyigba, eye nèwu wò amewo. Womagayɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋkɔ azɔ o.


Nyɔ, nyɔ! O! Yehowa ƒe alɔ, ne nàtsɔ ŋusẽ ado. Nyɔ abe le tsã ƒe ɣeyiɣiwo kple blemaŋɔliwo ene. Ɖe menye wòe fli Rahab kakɛkakɛ, eye nètsɔ nu ƒo ɖe lã dziŋɔ la oa?


Woamu Moab aƒu anyi eye via suewo afa avi.


Babilonia adze anyi kpata, eye woagbã gudugudu. Fa avi sesĩe ɖe eta! Di dɔyɔmi na eƒe vevesese, ɖewohĩ akpɔ dɔyɔyɔ.


Le Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke sia dzi la, woƒe klosalo alo sika mate ŋu aɖe wo o.” Yehowa ƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo afia xexea me katã, elabena atsrɔ̃ ame siwo katã le anyigba dzi la kpata.


Menye ɖe mele nya siawo gblɔm be maɖe dzi le mia ƒo le srɔ̃ɖeɖe ŋu o, ke boŋ be makpe ɖe mia ŋu. Medi be miadze agbagba awɔ nu sia nu si ana be miate ŋu asubɔ Mawu nyuie la eye miagaɖe mɔ na nu kukluiwo be woaxe mɔ na mi o.


ekema minyae nyuie be, Yehowa maganya dukɔ mawo ɖa le miaƒe anyigba dzi o, ke boŋ azu mɔ si wotre na mi, ana miase veve le miaƒe axadame, wòazu ŋu anɔ ŋku tɔm na mi, eye miatsrɔ̃ le anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la na mi la dzi.


Saul gagblɔ le eɖokui me be, “Esia nye mɔnukpɔkpɔ bubu nam be mana Filistitɔwo nawui.” Ke egblɔ na David be, “Àte ŋu anye nye toyɔvi faa elabena matsɔ vinyenyɔnu suetɔ na wò.”


Ale wogayɔ du atɔ̃awo kplɔlawo ƒo ƒui eye woɖe kuku na wo be woaɖo Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖe eƒe dukɔ Israel ale be dua me tɔwo katã mava ku o. Dɔ la de asi amewo léle me ale vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le dua me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa