Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 10:22 - Agbenya La

22 Mose wɔ alea, eye blukɔ tsiɖitsiɖi aɖe do ɖe Egiptenyigba blibo la dzi ŋkeke etɔ̃.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Tete Mose do eƒe asi ɖe dziƒo, eye viviti tsiɖitsiɖia ɖe do ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi ŋkeke etɔ̃ sɔŋ.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 10:22
13 Mawu Ofanana  

Viviti dona ɖe wo le ŋkeke me eye wotsaa asi blukɔ me abe zã mee ene.


Eɖo viviti ɖa, eye anyigba la dzi do blukɔ elabena ɖe wometsi tsitre ɖe eƒe nyawo ŋu oa?


Le esime ameawo le tsitre ɖe adzɔge la, Mose ge ɖe blukɔ si me Mawu nɔ la me.


Ekema woade wo to, ke nu si ko woakpɔe nye vevesese kple viviti kple blukɔ dziŋɔ, eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi me.


Ne mena nuwò yi la, Matsyɔ nu dziƒo nu. Mana woƒe ɣletiviwo nado viviti. Matsɔ lilikpo atsyɔ ɣe ŋkume, Eye ɣleti magana kekeli o.


Dziƒokaɖi keklẽwo katã, Mana woado viviti ɖe dziwò. Mahe viviti ava wò anyigba dzi, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.


Anye viviti kple blukɔ ƒe ŋkeke, eye lilikpo kple viviti tsiɖitsiɖi ado. Abe ale si ŋdikekeli klẽna ɖe towo tame ene la, nenema ke aʋakɔ gã sẽŋu aɖe avae. Ame siawo la, womekpɔ wo tɔgbi kpɔ o, eye womagakpɔ wo tɔgbi kpɔ le xexea me ƒe dzidzimewo dome o!


Ɣe ado viviti eye ɣleti atrɔ zu ʋu hafi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke gã, dziŋɔ la nava ɖo.


Ame si wɔ towo kple ya, eye wòɖea eƒe susuwo fiaa amegbetɔ, eyae trɔa ŋdi wòzua viviti, eye wògbãa towo ɖe eƒe afɔ te gudugudu. Eŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la.


“Ɣleti etɔ̃ hafi miadze miaƒe nukuwo ŋeŋe gɔme la, mena tsidzadza tɔ kplo zi ɖeka, eye miaƒe nukuwo gblẽ. Medɔa tsi wòdzana ɖe du ɖeka dzi, medzana ɖe bubuwo dzi o. Ale ne tsi le dzadzam ɖe agble aɖe dzi la, bubuawo me ƒuna kplakplakpla, eye woƒe nukuawo fiana.


Mietsi tsitre ɖe to la te, dzo ƒe aɖewo do tso to la me yi keke dziŋgɔli me ke, eye lilikpo yibɔwo kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã to la.


Yehowa de se siawo na mia dometɔ ɖe sia ɖe tso dzo bibi la titina esime lilikpo la kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã Sinai to la, se mawo ko wòde na mi ɣe ma ɣi, eye megatsɔ bubu aɖeke kpee o. Eŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi hetsɔ nam.


Mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã wɔadã la ƒe fiazikpui dzi, eye viviti nye tsyɔ eƒe fiaɖuƒe la. Amewo ɖu aɖe le vevesese ta,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa