Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 10:19 - Agbenya La

19 eye Yehowa ɖo ɣetoɖoƒeya sesẽ aɖe ɖa, eye wòkplɔ ʋetsuviawo katã yi ɖakɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me. Ʋetsuvi ɖeka pɛ gɔ̃ hã megasusɔ ɖe Egiptenyigba dzi o!

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye Yehowa na ɣetoɖoƒeya sesẽa ɖe ƒo, eye wòlɔ ʋetsuviawo ɖe nu ɖakɔ ɖe Avaƒu la me, ale be ʋetsuviawo dometɔa ɖeke megatsi Egipte-nyigba la ƒe afia ɖeke o.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 10:19
7 Mawu Ofanana  

“Maɖe asrafo siwo tso dzigbeme la ɖa le mia gbɔ, matrɔ wo aɖo ɖe kuɖiɖinyigba kple gbegbe. Matsɔ ŋgɔgbenɔlawo ade ɣedzeƒeƒu la me eye matsɔ megbenɔlawo ade ɣetoɖoƒeƒu la me. Ale woƒe ʋeʋẽ kũu la axɔ anyigba la dzi.” Vavã, Yehowa wɔ nukunu triakɔ aɖe.


To xɔse me Israelviwo tso Ƒu Dzĩ la abe anyigba ƒuƒui dzie wozɔ ene, gake esi Egiptetɔwo hã dze agbagba be yewoawɔ nenema la, wo katã tsi Ƒu Dzĩ la me.


Ede Farao ƒe tasiaɖamwo kple aʋakɔwo ƒu, eye wònyrɔ wo ɖe atsiaƒu la me. Farao ƒe aʋakplɔla xɔŋkɔwo nyrɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me.


Ale Mawu kplɔ wo to gbegbemɔ la dzi ɖo ta Ƒu Dzĩ la nu. Israelviwo ʋu tso Egipte, nɔ akpababla me hena aʋawɔwɔ.


Le esia ta Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa,


Ke Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko, eye meɖe asi le Israelviwo ŋu o.


Nunye yi abe vɔvɔli le fiẽ me ene eye woʋuʋum abe ʋetsuvi ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa