Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 1:16 - Agbenya La

16 “Ne miekpe ɖe Hebri nyɔnu aɖe ŋu wòdzi vi, eye miekpɔ le vidziƒea be ŋutsuvi wòdzi la, miwu ɖevi la enumake, gake ne nyɔnuvi wòdzi la, mina ɖevia natsi agbe.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ne miele vi xem na Hebri-nyɔnua ɖe, eye miekpɔ le viadziƒe bena, ŋutsuvie la, ekema miawui, ke nenye nyɔnuvi la, ekema mina wòanɔ agbe!

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 1:16
7 Mawu Ofanana  

ame siwo ƒe dzi wòtrɔ be woalé fu eƒe dukɔ la, eye woaɖo nugbe ɖe eƒe dɔlawo ŋu.


Egipte fia gblɔ na Hebri nyɔnu siwo nye vixelawo, ame siwo ŋkɔwoe nye Sipra kple Pua be,


Fia Farao va de se na eƒe amewo katã be, “Miatsɔ ŋutsuvi ɖe sia ɖe si woadzi la aƒu gbe ɖe Nil tɔsisi la me, ke miana nyɔnuviwo ya natsi agbe.”


“Gake kpao! Esi agbledzikpɔla siawo kpɔ ŋutsuvia wògbɔna la, wogblɔ na wo nɔewo be, ‘Ɛhɛ̃, ame siae le fofoa ƒe dome nyi ge, ale be teƒe sia katã gbɔna etɔ zu ge. Mía tɔwo, mina míawui be agble sia nazu mía tɔ!’ ”


Le esia ta la, ewɔ funyafunya mía tɔgbuitɔgbuiwo, eye wòde se be woatsɔ woƒe vidzĩwo aƒu gbe ne woaku.


To xɔse me Mose dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃ sɔŋ le edzidzi vɔ megbe, elabena wokpɔe dze sii be menye vidzĩ dzodzro aɖe koe wònye o, eya ta womevɔ̃ na fia la ƒe se dzi dada o.


Eƒe asike kplɔ ɣletivi siwo le dziŋgɔli ŋu la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka, eye wòhe wo ƒu gbe ɖe anyigba. Ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe nyɔnu si nɔ ku lém la ŋkume, eye wòle klalo be yeavuvu vidzĩ si nyɔnu la adzi la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa