Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 9:4 - Agbenya La

4 nuɖuɖu nyui siwo woɖo kplɔ̃ dzi, subɔla geɖewo kple awu nyui siwo wodo, ahakulawo kple numevɔ geɖe siwo wòsana na Yehowa la, eƒe nu ku.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 nuɖuɖu, si nɔa eƒe kplɔ̃ dzi, eƒe dɔlawo ƒe nɔƒewo, eŋu mewo ƒe subɔsubɔ kple woƒe awuwo, eƒe ahakulawo kple woƒe awuwo kpakple numevɔ, si wòsana le Yehowa ƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖee,

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 9:4
22 Mawu Ofanana  

nuɖuɖu nyui siwo woɖo kplɔ̃ dzi, subɔla geɖewo kple awu nyui siwo wodo, Fia la ƒe ahakulawo kple numevɔ geɖe siwo wòsana na Yehowa la, eƒe nu ku.


Solomo hã ɖo du sia ɖe Hiram:


“Ènya be le aʋa siwo futɔwo tso afi sia afi wɔ kple fofonye, David ta la, fofonye mete ŋu tu gbedoxɔ na Yehowa, eƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, va se ɖe esime Yehowa tsɔ eƒe futɔwo de eƒe afɔ te.”


Le bubudede Asiria fia ŋu ta la, Israel fia na woɖe Dzudzɔgbe ƒe agbadɔ si le gbedoxɔa me la ɖa eye wòna woɖe mɔnu tɔxɛ si fiawo tona gena ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la hã ɖa.


Wodae ɖe Fia ƒe Agbo nu le ɣedzeƒe va se ɖe egbe. Ame siawoe nye agbonudzɔlawo tso Levitɔwo dome.


Etsa ŋku eye wòkpɔ fia la wòtsi tsitre ɖe eƒe sɔti gbɔ le xɔa ƒe mɔnu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la gbɔ eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom, henɔ woƒe kpẽawo kum eye hadzilawo kple woƒe haƒonuwo nɔ hawo dom ɖa. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!”


Esi fianyɔnu la kpɔ ale si gbegbe Solomo nya nu, ale si eƒe fiasã la nyoe,


Seba fianyɔnu la gblɔ na fia la be, “Nutsotso siwo katã mese le nye ŋutɔ nye dukɔ me tso wò dzidzedzekpɔkpɔwo kple wò nunya ŋu la nye nyateƒe.


O! Aƒetɔ, meɖe kuku, se nye gbedodoɖa! Ɖo to mí, ame siwo kpɔa dzidzɔ be míade bubu ŋuwò la ƒe gbedodoɖa. Meɖe kuku, kpe ɖe ŋunye fifi laa esi mele fia la gbɔ yim be mabiae be wòana kpekpeɖeŋu tɔxɛm. Dee eƒe dzi me be wòave nunye.” Fia la ƒe ahakulae menye.


Nu ti kɔ na nye luʋɔ le wò ɖeɖedidi vevie ta, gake metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi.


O! Yehowa, tɔ nam kaba, elabena nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Mègaɣla wò mo ɖem o, ne menye nenema o la, manɔ abe ame siwo yi aʋlime ene.


“Miva, miɖu nye nu eye mino nye wain si metɔtɔ.


O Yerusalem vinyɔnuwo, meta mi; ne miekpɔ nye lɔlɔ̃tɔ la, nya kae miagblɔ nɛ? Migblɔ nɛ be lɔlɔ̃ de dɔ lãme nam.


Fiaviŋutsu la ŋutɔ koe nye ame si anɔ agbo la nu be wòaɖu nu le Yehowa ŋkume. Ele nɛ be wòage ɖe eme to akpata la me, eye wòado go to afi ma ke.”


Fiavi ŋutsuvi la ato gota age ɖe eme to akpata la ƒe agbo me, eye wòatsi tsitre ɖe agbo la ƒe ʋɔtruti nu. Nunɔlaawo asa numevɔwo kple akpedavɔwo, asubɔ le agbo la ƒe agbali me, eye wòado go, gake womatu agbo la o va se ɖe fiẽ me.


Nye Aƒetɔ, aleke nye wò dɔla, mate ŋu aƒo nu kpli wòe? Ŋusẽ vɔ le ŋunye eye gbɔgbɔtsixe hã tsi ƒonye.”


Ke mele egblɔm na mi be Solomo, ame si nɔ atsyɔ̃ gã me hã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo tɔ nu kura o.


Dɔla siawo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, ne woƒe aƒetɔ gbɔ, eye wòkpɔ be wole ŋudzɔ; vavã mele egblɔm na mi be dɔla siawo anɔ kplɔ̃ ŋu, eye eya ŋutɔ ado subɔvi ƒe awu aɖo kplɔ̃ ɖe woƒe akɔme be woaɖu nu.


Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye, eye wògblɔ be, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu.


Kpɔ ɖa! Metsi tsitre ɖe ʋɔtru la nu, eye mele eƒom. Ne ame aɖe se nye gbe, eye wòʋu ʋɔa la, mage ɖe eme, eye mi kplii míade asi agba me aɖu nu ɖekae.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa