Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 9:2 - Agbenya La

2 Fia Solomo te ŋu ɖo eƒe biabiawo katã ŋu, naneke menɔ ɣaɣla ɖi o. Enya nu sia nu eye wòte ŋu ɖe nu sia nu me nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Salomo ɖo eƒe biabiawo katã ŋu nɛ, biabiaa ɖeke meli, si Salomo do kpo eŋuɖoɖo nɛ o.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 9:2
12 Mawu Ofanana  

mawɔ nu si nèbia la na wò. Mana dzi nyanu kple dzi si sea nu gɔme la wò ale be tɔwò tɔgbi aɖeke manɔ anyi fifia loo alo akpɔ gbeɖe o.


Mawu na nunya blibo kple gɔmesese deto Solomo le mɔ geɖewo nu.


Esi Seba fianyɔnu se ale si Fia Solomo ƒe ŋkɔ ɖi hoo la, eva Yerusalem be yeadoe akpɔ kple biabia sesẽwo. Ekplɔ eŋume kple subɔla geɖewo ɖe asi eye wòtsɔ atike ʋeʋĩwo, sika kple kpe xɔasiwo ɖe kposɔ geɖewo dzi vɛ fũu eye wòƒo nu kple fia la tso nu siwo katã nɔ eƒe susu me la ŋuti.


Esi fianyɔnu la kpɔ ale si gbegbe Solomo nya nu, ale si eƒe fiasã la nyoe,


Ame si zɔna kple nunyala la, dzea nunya, ke ame si dzea xɔ̃ bometsilawo la gena ɖe fuwɔame me.


Ame ƒe numenyawo nye tɔ goglo, ke nunya ƒe vudo nye ta si le dzidzim.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, wona mɔ mi be mianya mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woɣla esiawo ɖe ame siwo le fiaɖuƒe la godo to lododo me.


Le nyateƒe me la, ne Yesu le nu fiam le dutoƒo la, lododo sɔŋ ko ŋu dɔ wòwɔna, ke emegbe ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe aga la, eɖea wo gɔme na wo.


Nyemagayɔ mi be subɔlawo o, elabena aƒetɔ mate ŋu agblɔ eƒe nya ɣaɣlawo na subɔla o. Ke meyɔ mi be xɔ̃nyewo, elabena megblɔ nya sia nya si Fofo la gblɔ nam la na mi.


Eya mee wòɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.


Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le dɔ wɔm. Eɖana wu hɛ nuevee ɖe sia ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luʋɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo.


Ne ame aɖe hiã nunya la, nebia Mawu, ame si naa nu ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ, eye Mawu anae fɔbubumanɔmee.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa