Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 8:12 - Agbenya La

12 Solomo sa numevɔwo na Yehowa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui si wòɖi ɖe akpata si le gbedoxɔ la ŋgɔ la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ɣemaɣi Salomo sa numevɔ na Yehowa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui, si woɖi ɖe akpala la ŋgɔ la dzi,

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 8:12
8 Mawu Ofanana  

Eda sika nyuitɔ na gaflowo, ʋuhlẽgbawo kple kpluwo wɔwɔ. Eda sika na sikagbawo wɔwɔ. Nenema kee wòda klosalo na klosalogbawo wɔwɔ.


Solomo yi akɔblivɔsamlekpui la gbɔ le Yehowa ŋkume le agbadɔ la me eye wòsa numevɔ akpe ɖeka ɖe edzi.


Esi Fia Asa se nya sia tso Mawu gbɔ la, dzi ɖo eƒo eye wògbã legbawo katã le Yuda kple Benyamin kple du siwo wòxɔ le Efraim ƒe tonyigba dzi la me. Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la tu ɖe gbedoxɔ la ŋgɔ.


Fia Solomo wɔ akɔblivɔsamlekpui aɖe; edidi mita asieke, keke mita asieke eye wòkɔ mita ene kple afã.


Anye fiaviŋutsu la ƒe dɔdeasi be wòana nu hena numevɔsawo, nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo le Ɣleti Yeye kple Dzudzɔgbewo ƒe ŋkekenyuiwo dzi, hekpe ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe ŋkekenyui ɖoɖiwo ŋuti. Ana nu hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo, nuɖuvɔsawo, numevɔsawo kple akpedavɔsawo ne woalé avu ɖe Israel ƒe aƒe la nu.


Ekplɔm yi Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu emetɔ, eye le afi ma la, ŋutsu abe blaeve vɔ atɔ̃ ene nɔ gbedoxɔ la ƒe mɔnu le akpata la kple vɔsamlekpui la dome. Wotrɔ megbe do ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ, wodze ŋgɔ ɣedzeƒe, eye wonɔ ta dem agu na ɣe le ɣedzeƒe.


Nunɔla siwo subɔna le Yehowa ŋkume la netsi tsitre ɖe ameawo kple vɔsamlekpui la dome, afa avi ado gbe ɖa be, “Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ; mègana wò domenyinu nazu fewuɖunu kple ŋukpenanu le dukɔwo dome o. Nu ka ta dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be, ‘Afi ka woƒe Mawu la le?’ ”


eye Yesu nɔ gbedoxɔ la me nɔ zɔzɔm le teƒe si woyɔna be Solomo ƒe Akpata la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa