Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 7:8 - Agbenya La

8 Azɔ la, Solomo ɖu ŋkekenyui le ɣe ma ɣi me eye Israel katã ɖui kplii. Ameha gã aɖe ŋutɔe wònye, ameawo tso Lebo Hamat va se ɖe Egipte tɔʋu la gbɔ ke.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye Salomo kple Israel blibo la ɖu ŋkekenyuie la ɣemaɣi ŋkeke adre; ameha gãa ɖe va tso Xamat vaseɖe Egipte-tɔʋu la nu.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 7:8
19 Mawu Ofanana  

Ale Yehowa wɔ nubabla sia kple Abram gbe ma gbe gblɔ be, “Metsɔ anyigba sia si le Egipte tɔsisi la kple Frat tɔsisi gã la dome la na wò dzidzimeviwo.


Tete Israel ŋutsuwo katã kpe ta ɖe Fia Solomo gbɔ le Agbadɔmeŋkekenyui la ɖuɣi le ɣleti adrelia me.


Ale Solomo ɖu ŋkekenyui le ɣe ma ɣi me eye Israel katã ɖui kplii. Ameha gã aɖe ŋutɔe wònye, ameawo tso Lebo Hamat va se ɖe Egipte tɔʋu la gbɔ ke. Woɖu ŋkeke sia le Yehowa, míaƒe Mawu la ŋkume ŋkeke adre eye wogaɖui ŋkeke adre bubu. Wo katã le ŋkeke wuiene.


Ale ameha gã aɖe va kpe ta ɖe Yerusalem le ɣleti evelia me hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu.


Eva eme alea elabena womegaɖu ŋkekenyui sia tɔgbi kpɔ alea le Yerusalem le Solomo, Fia David ƒe vi ƒe ŋkekewo megbe o.


Israel ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe fia la gbɔ le Agbadɔmeŋkekenyui la ɖuɣi le ɣleti adrelia me.


“ ‘Le ŋkekenyui si dzea egɔme le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe ƒe ŋkeke adreawo me la, agana nu mawo ke kple ami hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo, numevɔsawo kple nuɖuvɔsawo.’ ”


Le ɣetoɖoƒe lɔƒo la, Atsiaƒu Gã la anye liƒo la na teƒe aɖe si le Lebo Hamat la kasa. Esiae anye ɣetoɖoƒeliƒo la.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “O Israel ƒe aƒe, mana dukɔ aɖe natso ɖe ŋuwò. Ate wò ɖe to vevie tso Lebo Hamat va se ɖe Wadi Araba tɔʋu la to.”


Gake esi Yudatɔwo ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la tu aƒe la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa