Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 7:17 - Agbenya La

17 “Ke wò la, ne àzɔ le ŋkunye me, aɖi anukware abe fofowò, David ene eye nàwɔ nye seawo dzi, alé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ne èzɔ le ŋkunye me, abe alesi fofowò Dawid zɔ ene, eye nèwɔ nusiwo katã ŋuti mede se na wò le la dzi, eye nèlé nye ɖoɖowo kple nye kɔnuwo me ɖe asi la,

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 7:17
17 Mawu Ofanana  

Ne èɖo to nya si megblɔ na wò, ne èzɔ le nye mɔ dzi, ne èwɔ nye seawo dzi abe David ene la, ekema mayra wò eye wò dzidzimeviwo aɖu Israel dzi tegbetegbe. Medo ŋugbe sia ke na David kpɔ.


Wɔ nu siwo katã Yehowa, wò Mawu ɖo na wò. Wɔ eƒe se siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe agbalẽ me la dzi ale be nu sia nu si nàwɔ le go ɖe sia ɖe me la nadze edzi na wò.


eye ne èzɔ le nye mɔwo dzi, nèwɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖowo dzi abe ale si fofowò, David wɔ ene la, mana agbe didi wò.”


“Azɔ la, Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe bubu si nèdo nɛ la hã dzi. Èdo ŋugbe be, ne fofonye ƒe dzidzimeviwo alé wò mɔwo me ɖe asi eye woawɔ wò lɔlɔ̃nu abe ale si eya wɔ ene la, ekema wo dometɔ ɖeka anɔ Israel ƒe fiazikpui dzi ɣe sia ɣi.


“Eye wò, vinye Solomo, dze si fofowòwo ƒe Mawu la eye nàsubɔe kple dzi faa kple wò susu blibo elabena Yehowa kpɔa dzi ɖe sia ɖe me eye wònyaa ame sia ame ƒe susu. Ne èdi Yehowa la, àkpɔe, ke ne ègbugbɔ le eyome la, atsɔ wò aƒu gbe tegbetegbe.


“Azɔ la, Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe bubu si nèdo nɛ be, ‘Wò dzidzimeviwo aɖu fia ɖe Israel dzi tegbetegbe ne woawɔ nye sewo dzi abe ale si nèwɔ ene,’ la dzi.


Metia eye mekɔ gbedoxɔ sia ŋuti ale be nye ŋkɔ anɔ afi ma tegbetegbee. Nye ŋkuwo kple nye dzi anɔ afi ma ɣe sia ɣi.


ekema makpɔ egbɔ be, wò fiaɖuƒe nali ke abe ale si medo ŋugbe na fofowò David ene hegblɔ nɛ be, ‘Wò ame siwo aɖu fia ɖe Israel dzi la matso o.’


Ale be woalé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi, eye woawɔ eƒe sewo dzi. Mikafu Yehowa.


O! Ɖe nye mɔwo li ke sesĩe le wò sewo dzi wɔwɔ me la, anyo ŋutɔ.


Made nye Gbɔgbɔ mia me, mana miawɔ nye ɖoɖowo dzi, eye mialé nye seawo me ɖe asi.


“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Ne àzɔ le nye mɔwo dzi, alé nye ɖoɖowo me ɖe asi la, ekema maɖo wò nye gbedoxɔ nu, ànye nye aƒedzikpɔla, eye mana nɔƒe wò ɖe ame siwo le tsitre ɖe afi sia la dome.


Ame si wɔna ɖe nye nyawo dzi la, eyae lɔ̃am. Ame si lɔ̃am la, Fofonye hã alɔ̃e, nye hã malɔ̃e, eye maɖe ɖokuinye afiae.”


Ne miewɔa se siwo mede na mi dzi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ la me abe ale si meɖo to Fofonye ƒe sededewo, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.


Ele be miawɔ se siwo made na mi egbe la dzi, ale be nu sia nu nanyo na mi kple mia viwo, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam la dzi tegbetegbe.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa