Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 7:16 - Agbenya La

16 Metia eye mekɔ gbedoxɔ sia ŋuti ale be nye ŋkɔ anɔ afi ma tegbetegbee. Nye ŋkuwo kple nye dzi anɔ afi ma ɣe sia ɣi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Azɔ metia xɔ sia, eye mekɔ eŋu be, nye ŋkɔ nanɔ afima tegbee, eye nye ŋku kple nye dzi nanɔ afima ɣeawokatãɣi.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 7:16
22 Mawu Ofanana  

elabena Yehowa gblɔ na Fia David be, ‘Tso gbe si gbe mekplɔ nye dukɔ Israel tso Egipte la, nyemetia du aɖeke le Israel toawo katã me be woatu gbedoxɔ nam ɖe afi ma be nye ŋkɔ nanɔ eme o. Ke metia David be wòanɔ nye dukɔ Israel nu.’


“Ne dziƒowo nu tu eye tsi mele dzadzam o elabena wò amewo wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wodo gbe ɖa ɖo ɖe teƒe sia, ʋu wò ŋkɔ me eye woɖe asi le woƒe nu vɔ̃ ŋu elabena èwɔ fu wo la,


“Ne èna wò amewo ho aʋa ɖe woƒe futɔwo ŋu eye wotrɔ mo ɖo ɖe Yerusalem, wò du tiatia la kple gbedoxɔ sia, si metu na wò ŋkɔ la,


eye ne wotrɔ va gbɔwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le ame siwo ɖe aboyo wo ƒe anyigba dzi eye wodo gbe ɖa ɖo ɖe anyigba si nèna wo fofowo gbɔ, ɖo ɖe du si nètia kple gbedoxɔ si metu na wò ŋkɔ gbɔ la,


Yehowa gblɔ nɛ be, “Mese wò gbedodoɖa kple wò kokoƒoƒowo; mekɔ gbedoxɔ si nètu la ŋu to nye ŋkɔ dada ɖe edzi me tegbetegbe. Nye ŋkuwo kple nye dzi anɔ afi ma ɣe sia ɣi.


Etu vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me, teƒe si ŋu Yehowa gblɔ le be, “Yerusalem anye nye ŋkɔ ƒe nɔƒe.”


Miganye kɔlialiatɔwo abe woawo ene o, ke boŋ miɖe asi le mia ɖokuiwo ŋu na Yehowa eye miatrɔ va eƒe gbedoxɔ si ŋu wokɔ tegbee la me. Misubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ale be eƒe dɔmedzoe helihelĩ la naɖe ɖa le mia dzi.


Na wò ŋkuwo nanɔ gbedoxɔ sia ŋu zã kple keli, teƒe si ŋu nègblɔ le be wò ŋkɔ anɔ afi ma ale be nàse wò subɔla ƒe gbe si wòado ɖa ɖo ɖe teƒe sia.


Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã me eye wògblɔ nɛ be, “Mese wò gbedodoɖa eye metia teƒe sia na ɖokuinye be wòanye gbedoxɔ na vɔsawo.


Azɔ la, nye ŋkuwo anɔ ʋuʋu eye nye towo anɔ te ɖe gbe ɖe sia ɖe si woado ɖa le teƒe sia ŋuti.


“Ke wò la, ne àzɔ le ŋkunye me, aɖi anukware abe fofowò, David ene eye nàwɔ nye seawo dzi, alé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la,


Elabena Yehowa tia Zion, eye wòtiae be wòanye ye nɔƒe be,


“Esia nye nye gbɔɖemeƒe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, afi siae manɔ fiazikpui dzi le gli, elabena nye ŋutɔe tiae.”


Yehowa gblɔ na Satana be, “Yehowa ka mo na wò, Satana! Yehowa, ame si tia Yerusalem la ka mo na wò! Ɖe ame sia mele abe dzoti bibi si woɖe le dzo me la ene oa?”


Le ɣeyiɣi sia me tututu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.”


Ne teƒe si miesubɔa Mawu le didi akpa la, ekema ɣe sia ɣi si mielɔ̃ la, miate ŋu awu nyi alo alẽ si Yehowa tsɔ na mi, eye miaɖu lã la le aƒe me abe ale si mede se na mi la ene.


Enye ɣeyiɣi si dzi nàtso aseye le, le Yehowa wò Mawu ŋkume kple wò ƒometɔwo kple wò dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo. Mègaŋlɔ Levitɔwo, amedzrowo, ahosiwo kple tsyɔ̃evi siwo le mia dome la be o. Kpe wo be woava ɖu ŋkekenyui la kpli wò le kɔkɔeƒe la.


Elabena Mawu ƒe blibonyenye la katã nɔ Kristo me le ŋutilã ƒe dzedzeme nu,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa