Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 7:1 - Agbenya La

1 Esi Solomo wu gbedodoɖa nu la, dzo ge tso dziƒo, fia numevɔsa kple vɔsa la eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Salomo do gbe da vɔ la, dzo tso dziƒo va fiã numevɔsawo kple akpedavɔsawo, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔ la.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 7:1
26 Mawu Ofanana  

Esi ɣe ɖo to, eye viviti do la, Abram kpɔ ze aɖe si me dzudzɔ nɔ dodom tso kɔlikɔli kple akakati aɖe si nɔ lã kuku fefeawo dome tom.


Ekema miayɔ miaƒe mawu la ƒe ŋkɔ eye nye hã mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ eye mawu si aɖo dzo ɖa la, eyae nye Mawu.” Tete ameawo katã do ɣli be, “Nya si nègblɔ la nyo.”


Tete Yehowa ƒe dzo ge va fia vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigli la eye wòno tsi wòvɔ le do si woɖe ƒo xlã vɔsamlekpui la me ƒiaƒiaƒia!


Esi fia Solomo wu gbedoxɔ la kple fiasã la kple xɔ bubu siwo wòɖo be yeatu nu la,


David ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afi ma eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ le edzi. Edo gbe ɖa na Yehowa eye Yehowa ɖo eŋu nɛ heɖo dzo ɖa tso dziƒo wòva bi vɔsa la le vɔsamlekpui la dzi.


O! Yehowa, melɔ̃ aƒe si me nèle, afi si wò ŋutikɔkɔe le.


Dzudzɔ tsyɔ Sinai to blibo la dzi, elabena Yehowa ɖi ɖe edzi le dzo ƒe nɔnɔme me. Dzudzɔ la yi dzi ʋĩi abe kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ ene. To blibo la ʋuʋu kpekpekpe.


Mado go Israelviwo le afi ma, eye nye ŋutikɔkɔe akɔ agbadɔ la ŋu.


Matɔ hafi woayɔm. Ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.


Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi heyi xɔxɔnu emetɔ, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me.


Tete ŋutsu la kplɔm to anyiehegbo la me yi gbedoxɔ la ŋgɔ. Metsa ŋku, eye mekpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wòyɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la, eye metsyɔ mo anyi.


Esime menɔ nu ƒom, henɔ gbe dom ɖa nɔ nye kple nye dukɔ, Israel, ƒe nu vɔ̃ me ʋum eye menɔ koko ƒom na Yehowa, nye Mawu, ɖe eƒe to kɔkɔe la ta


Ekema Yehowa agaxɔ Yuda kple Yerusalemtɔwo ƒe vɔsa abe tsã ene.


Esi wodo gbe ɖa vɔ alea la, xɔ si me wonɔ la ʋuʋu sesĩe. Wo katã yɔ fũu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye wogblɔ Mawu ƒe nya la kple dzideƒo gã blibo.


Du la mehiã ɣe alo ɣleti be woaklẽ nɛ o, elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe naa kekelii, eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi.


Mawudɔla la tsɔ eƒe atikplɔ ƒe nugbɔ ka lã la kple abolo maʋamaʋã la ŋu. Kasia dzo bi tso agakpe la me eye wòfia lã la kple abolo la! Tete Yehowa ƒe dɔla la bu vĩi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa