Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 5:7 - Agbenya La

7 Emegbe la, nunɔlaawo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe le gbedoxɔ la ƒe kɔkɔe ƒe emetɔ si nye Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la me eye wokɔe da ɖe kerubiawo ƒe aʋalawo te.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye nunɔlawo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la ɖada ɖe eteƒe le Kerubiwo ƒe aʋalawo te le xɔ la ƒe megbexɔ, si nye kɔkɔeawo ƒe kɔkɔeƒe la me.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 5:7
13 Mawu Ofanana  

Azɔ la, midze agbagba le go ɖe sia ɖe me be, miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la eye miatsɔ nubablaɖaka la kple nu kɔkɔe bubu siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me la va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me!”


Eɖo na Levitɔ siwo ŋu wokɔ eye wonye mawunyafialawo le Israel be, “Esi nubablaɖaka la le Solomo ƒe agbadɔ me azɔ ta la, megahiã be mianɔ ekɔm ɖe abɔta tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu o eya ta miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ hena mawusɔbɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Yehowa kple eƒe amewo.


Etsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖitiawo kple woƒe akaɖiawoe be woanɔ bibim le Kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la ŋgɔ abe ale si woɖoe da ɖi ene.


Esi Israelviwo ƒe ametsitsiwo katã va ɖo la, Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la,


eye Fia Solomo kple Israel ha blibo si ƒo xlãe la nɔ nubablaɖaka la ŋgɔ eye wotsɔ alẽ kple nyitsu geɖe siwo womate ŋu xlẽ o la sa vɔe.


Kerubiawo keke woƒe aʋalawo ɖe nubablaɖaka la ƒe nɔƒe dzi eye wotsyɔ nubablaɖaka la kple etsɔkpoawo dzi.


Metsɔ nubablaɖaka la da ɖe eme eye Nubabla si le Yehowa kple eƒe amewo, Israelviwo dome la, le nubablaɖaka la me.”


O! Yehowa, tso, ne nàva wò gbɔɖemeƒe, wò kple wò ŋusẽ ƒe nubablaɖaka la gbɔ.


Edzidze gbedoxɔ emetɔ ƒe didime; esia nye mita ewo, eye eƒe kekeme nye mita ewo. Egblɔ nam be, “Esiae nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa