2 Kronika 32:12 - Agbenya La12 Ɖe mienya be Fia Hezekia tututue nye ame si ɖe eƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, ‘Mide ta agu ɖe vɔsamlekpui ɖeka ma si le gbedoxɔ la me ŋu eye miado dzudzɔ le eya ɖeɖe ko dzi’ oa? Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191312 Ɖe menye Xizkiya siae ɖe eƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem bena: Miɖe ta agu ɖe vɔsamlekpui ɖeka ko ŋgɔ, eye mido dzudzɔ le edzi oa? Onani mutuwo |
Esi nu siawo katã wu enu la, Israelvi siwo katã nɔ afi ma la do go yi Yuda ƒe duwo me eye wogbã legbawo, heho aƒeliwo ƒu anyi, wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpui siwo katã nɔ Yuda, Benyamin, Efraim kple Manase. Esi wotsrɔ̃ nu siawo katã vɔ megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woawo ŋutɔ ƒe duwo me eye woyi ɖanɔ woƒe aƒewo me.