Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 26:1 - Agbenya La

1 Yuda blibo la tsɔ Uzia, ame si xɔ ƒe wuiade la ɖo fiae ɖe fofoa, Amazia, teƒe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Tete Yuda-dukɔ blibo la tsɔ Uziya, amesi xɔ ƒe wuiade la, ɖo fia ɖe fofoa Amazya teƒe.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 26:1
12 Mawu Ofanana  

Le Israel fia, Yehoas, Yehoahaz ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me la, Amazia, Yoas ƒe vi zu fia le Yuda.


Wotsɔ via, Azaria ɖo fiae ɖe eteƒe, esi Azaria xɔ ƒe wuiade ko.


Amazia, Azaria alo Uzia, Yotam,


Yerusalem nɔlawo tsɔ Ahazia, Yehoram ƒe viŋutsu suetɔ ɖo fiae ɖe fofoa teƒe elabena adzoha aɖewo va kple Arabiatɔwo, woge ɖe woƒe aʋasaɖa me eye wowu Via ŋutsu tsitsitɔwo katã. Ale Ahazia, Yuda fia, Yehoram ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme.


Wokɔ eƒe kukua ɖe sɔwo dzi va ɖi ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me.


Le fofoa Amazia ƒe ku megbe la, egbugbɔ Elat du la tu eye wògbugbɔe xɔ na Yuda.


Dukɔmevi aɖewo wu ame siwo wu Fia Amon la dometɔ ɖe sia ɖe eye wotsɔ Amon ƒe vi, Yosia, ɖo fiae.


Esiawoe nye gbedeasi siwo Yesaya, Amoz ƒe vi, xɔ tso Yehowa gbɔ le ŋutega me, tso nu siwo ava dzɔ ɖe Yuda kple Yerusalem dzi la ŋuti. Exɔ gbedeasi siawo le Yuda fiawo, Uzia, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli.


Esiawoe nye gbedeasi siwo va na Hosea, Beeri ƒe vi la le Yuda fia ene siawo ŋɔli: Uzia, Yotam, Ahaz kple Hezekia. Le ɣeyiɣi sia me ke Yoas ƒe vi Yeroboam nye fia le Israel.


Esiawoe nye Amos, lãkplɔla siwo tso Tekoa la dometɔ ɖeka ƒe nyawo. Ekpɔ ŋutega tso Israel ŋuti ƒe eve do ŋgɔ na anyigba ƒe ʋuʋu, esime Uzia nɔ fia ɖum le Yuda, eye Yoas ƒe vi, Yeroboam, nɔ fia ɖum le Israel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa