Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 22:9 - Agbenya La

9 Esi Yehu kple eƒe amewo nɔ Ahazia dim la, wokpɔe wòbe ɖe Samaria du me, wolée yi na Yehu eye wòwui. Woɖi Ahazia abe fia ene elabena Fia Yehosafat, ame si subɔ Yehowa kple dzi blibo la ƒe tɔgbuiyɔvie. Ahazia ƒe vi Yoas koe tsi agbe aɖu fia ɖe eteƒe;

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Edi Axazya, eye wolée, esime wòɣla ɖe Samaria. Eye wokpɔe va Yehu gbɔ, eye wòna wowui hetso ɖi; elabena wogblɔ be, eya nye Yosafat, amesi tso eƒe dzi blibo di Yehowa la ƒe vi. Azɔ amea ɖeke megale Axazya ƒe me, amesi ate ŋu aɖu fia o.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 22:9
14 Mawu Ofanana  

Edo ɣli gblɔ na Mawu ƒe ame, si tso Yuda la be, “Nya si Yehowa gblɔe nye, ‘Ètsi tsitre ɖe nya si Yehowa gblɔ la ŋu eye mèwɔ se si Yehowa, wò Mawu la de na wò la dzi o.


Israel blibo la afae eye woaɖii, gake eya koe nye miaƒe ƒometɔ si aku le ŋutifafa me,


Ege ɖe fiasã la me heɖu nu eye wòno nu le afi ma. Le esia megbe la, egblɔ be, “Ame aɖe nayi aɖaɖi nyɔnu fiƒodeme sia elabena fia vinyɔnue.”


Ke hã la, nu nyui aɖe le mewò elabena èɖe aƒeliwo ɖa le anyigba la dzi eye nètsɔ wò dzi ɖo Mawu didi ŋu.”


Wozɔ ɖe Yuda dzi, ge ɖe woƒe anyigba dzi; wotsɔ nu xɔasi ɖe sia ɖe si nɔ fiasã la me eye wolé fia la ƒe viwo kple srɔ̃awo dzoe. Fia ƒe vi suetɔ, Yehoahaz, koe te ŋu si.


Exɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòdze fiaɖuɖu gɔme eye wòɖu fia ƒe enyi le Yerusalem. Esi wòku la, womefae o, woɖii ɖe Yerusalem gake menye ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me o.


Esi Yehoram li ke eɖokui nyuie ɖe fofoa ƒe fiaɖuƒea dzi la, ewu nɔviŋutsuwo katã kple Israel ƒe fiaviŋutsu aɖewo hã.


Esime Yehu nɔ Ahab ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo wum la, edo go Ahazia ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye Yuda ƒe fiaviŋutsuwo eye wòwu wo.


Esi Siria ƒe aʋakɔ la dzo la, Yoas tsi aba dzi le abi gã si wòxɔ la ta. Yoas ŋutɔ ŋumewo ɖo ta me be yewoawui le esi wòwu nunɔla Yehoiada ƒe vi, Zaxarya ta. Ale wowui le eƒe aba dzi eye woɖii ɖe David Ƒe Du la me gake menye ɖe fiawo ɖiƒe o.


Tso esime wòtrɔ le Yehowa yome la, woɖo nugbe ɖe eƒe agbe ŋu le Yerusalem ale wòsi yi Lakis, ke eƒe futɔwo dɔ ame ɖa woyi Lakis ɖawui le afi ma.


Mlɔeba la, Amon ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowui le eƒe fiasã me.


Miadim eye miakpɔm; ne miedim kple miaƒe dzi blibo ko.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa