Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 22:7 - Agbenya La

7 Nu sia trɔ zu vodada gã aɖe wòwɔ, elabena Mawu ɖo be yeahe to na Ahazia le eƒe ɖekawɔwɔ kple Yoram ta. Ɣeyiɣi sia mee Ahazia kple Yehoram kpe ɖe Yehu, Nimsi ƒe vi, ŋu le esime wònye Yehue Yehowa ɖo ɖa be, wòatsi Ahab ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke Mawue toto ta me na Axazya, be wòayi Yoram gbɔ. Esi wòva la, eya kple Yoram woho ɖe Yehu, Nimsi vi, amesi Yehowa si ami na, be yeatsrɔ̃ Axab ƒe aƒe la ŋu.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 22:7
18 Mawu Ofanana  

Ale fia la meɖo to ameawo o elabena nuwo ƒe yiyi me alea tso Yehowa gbɔ be woawu nya si Yehowa gblɔ ɖi ɖe Yeroboam, Nebat ƒe vi ŋuti to Silonitɔ, Ahiya dzi la nu.


‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: Migawɔ aʋa kple mia nɔviwo, Israelviwo o. Ame sia ame nayi eƒe aƒe me elabena nyee wɔ esia.’ ” Ale woɖo to Yehowa ƒe gbe eye wotrɔ yi woƒe aƒewo me abe ale si Yehowa ɖo na wo ene.


Le esia megbe la, nàsi ami na Yehu, Nimsi ƒe vi, wòazu Israel fia eye nàsi ami na Elisa, Safat ƒe vi, tso Abel Mehola ne wòanye nyagblɔɖila ɖe tewòƒe.


Yehowa gblɔ be, ‘Ame ka ate ŋu able Ahab nu be wòaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu eye wòakpɔ eƒe ku le afi ma?’ “Amewo do susu vovovowo ɖa.


Le esia megbe la, Yehu wu Ahab ƒe ƒometɔ mamlɛ siwo nɔ Yezreel kple eŋume veviwo kple xɔlɔ̃awo kple eƒe nunɔlawo. Mlɔeba la, ame siwo katã nɔ Ahab ŋu kplikplikpli kpɔ la dometɔ aɖeke mesusɔ o.


Fia Yoram ɖe gbe be, “Netsɔ, midzra nye tasiaɖam ɖo nam!” Ale eya kple Yuda fia, Ahazia woyi ɖado go Yehu le Nabɔt ƒe agble me.


Esi Yuda fia Ahazia kpɔ nu si va dzɔ la, esi dze Bet Hagan mɔ dzi. Yehu kplɔe ɖo nɔ ɣli dom be, “Miwu eya hã!” Ale wode abi eŋu le eƒe tasiaɖam la me le Gur si te ɖe Ibleam ŋuti la ƒe mɔ dzi, ke ete ŋu si dzo yi Megido afi si wòyi ɖaku ɖo.


Ale fia la meɖo to ameawo o elabena nuwo ƒe yiyi me alea tso Yehowa gbɔ be, woawu nya si Yehowa gblɔ ɖi ɖe Yeroboam, Nebat ƒe vi, ŋuti to Silonitɔ, Ahiya dzi la nu.


Eya ta egbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo wode eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu. Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi, yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta.


Yehowa ɖe eɖokui fia to eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me; ame vɔ̃ɖiwo ƒe asinudɔwɔwɔwo atsɔ wo ade mɔ me. Ŋugbledede. Sela


Ame wɔa ɖoɖo ɖe ale si wòazɔe ŋu le eƒe dzi me, gake Yehowae fiaa ale si wòaɖe afɔe.


Mena mienya nuwuwua tso gɔmedzedzea, eye tso blema ke, mienya nu si ava dzɔ. Megblɔ be, ‘Nye nuɖoɖiwo anɔ anyi tegbee, eye mawɔ nu siwo katã dze ŋunye,’


Ame sia ame si si nunya le la, ase nu siawo gɔme. Ame sia ame si bua ta me la, neɖo to, elabena Yehowa ƒe mɔwo le dzɔdzɔe, eye ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi, ke nu vɔ̃ wɔlawo ya akli nu, adze anyi.


Ekema gbe si gbe mawɔ esia la, mianye avuzi le ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye woanɔ abe dzofi ene le miaƒe afɔ te.


Tɔnyee nye hlɔ̃biabia. Ɣeyiɣi hena nye tohehe eƒe futɔwo ɖo woƒe afɔwo ada; elabena woƒe tsɔtsrɔ̃ɣi ɖo!


elabena Yehowa ɖo be dukɔ mawo nadi be yewoawɔ aʋa boŋ kple Israelviwo ɖe ŋutifafawɔwɔ teƒe. Eya ta wotsrɔ̃ wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.


Fofoa kple dadaa medze sii be Mawue nɔ mɔ trem na Filistitɔwo, ame siwo nye Israel dziɖulawo le ɣe ma ɣi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa