Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 22:6 - Agbenya La

6 Eya ta egbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo wode eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu. Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi, yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Tete wògbɔ, be woada gbe le ye ŋu le Yezreel, elabena wode abi eŋu le Rama, esime wòwɔ aʋa kple Aram-fia Xazael. Eye Yuda-fia Axazya, Yoram vi yi, be yeakpɔ Yoram. Axab vi la ɖa le Yezreel, elabena ele da lém.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 22:6
8 Mawu Ofanana  

eya ta Fia Yoram gbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo Aramtɔwo de eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu. Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi la yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta.


Emegbe Fia Yoram trɔ va Yezreel be woada gbe le abi si Arameatɔwo de eŋu le aʋa la wɔwɔ me kple Aram fia Hazael la nɛ.) Yehu gblɔ na ame siwo nɔ egbɔ la be, “Esi miedi be maɖu fia la, migana ame aɖeke nasi ayi Yezreel aɖagblɔ nu si míewɔ la o.”


Wozɔ ɖe Yuda dzi, ge ɖe woƒe anyigba dzi; wotsɔ nu xɔasi ɖe sia ɖe si nɔ fiasã la me eye wolé fia la ƒe viwo kple srɔ̃awo dzoe. Fia ƒe vi suetɔ, Yehoahaz, koe te ŋu si.


Yerusalem nɔlawo tsɔ Ahazia, Yehoram ƒe viŋutsu suetɔ ɖo fiae ɖe fofoa teƒe elabena adzoha aɖewo va kple Arabiatɔwo, woge ɖe woƒe aʋasaɖa me eye wowu Via ŋutsu tsitsitɔwo katã. Ale Ahazia, Yuda fia, Yehoram ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme.


Ahazia zɔ ɖe woƒe aɖaŋu vɔ̃ nu eye wòwɔ ɖeka kple Yoram, Israel fia Ahab ƒe vi, hekpe aʋa kpli Aram fia Hazael le Ramot Gilead. Aramtɔwo de abi Yoram ŋu le aʋa sia me.


Nu sia trɔ zu vodada gã aɖe wòwɔ, elabena Mawu ɖo be yeahe to na Ahazia le eƒe ɖekawɔwɔ kple Yoram ta. Ɣeyiɣi sia mee Ahazia kple Yehoram kpe ɖe Yehu, Nimsi ƒe vi, ŋu le esime wònye Yehue Yehowa ɖo ɖa be, wòatsi Ahab ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu.


Yezreel, Yokdeam, Zanoah,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa