Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 21:2 - Agbenya La

2 Fofoa ƒe viŋutsu bubuwoe nye Azaria, Yehiel, Zekaria, Azaria, Mikael kple Sefatia.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Nɔviaŋutsu, siwo nye Yosafat viwo, wonye Azarya, Yexiel, Zaxarya, Azarya, Mixael kple Sefatya. Amesiawo katã nye Yuda-fia Yosafat ƒe viwo.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 21:2
10 Mawu Ofanana  

Fia Rehoboam kple Yuda ƒe kplɔlawo do ɣli ʋu woƒe nu vɔ̃wo me be, “Yehowa tɔ dzɔ be wòwɔ mí alea!”


Esi Yehoram li ke eɖokui nyuie ɖe fofoa ƒe fiaɖuƒea dzi la, ewu nɔviŋutsuwo katã kple Israel ƒe fiaviŋutsu aɖewo hã.


Wotsa le Yudanyigba blibo la dzi eye woƒo Levitɔwo kple Israelviwo ƒe ƒometatɔwo nu ƒu tso duawo katã me. Esi wova ɖo Yerusalem la,


Woɖii ɖe David ƒe Du la me ɖe fiawo dome elabena ewɔ nu nyui geɖewo na Israel kple Mawu kple gbedoxɔ la.


Eyɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yuda duwo katã me eye miadzɔ xɔtuga le Israelviwo si ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo. Mitso ɖe eŋu kaba! Migahe ɖe megbe o!” Ke Levitɔwo metso ɖe eŋu enumake o.


Esia va eme elabena Yehowa bɔbɔ Yuda ɖe anyi le Yuda fia, Ahaz ƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ta elabena egblẽ Yudatɔwo ƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ me eye menɔ Yehowa yome o.


Esa vɔ na Damaskotɔ siwo ɖu edzi le aʋa me la ƒe mawuwo elabena ebu be, mawu siawoe kpe ɖe Siria fia ŋu eya ta woakpe ɖe ye hã ŋu ne yesa vɔ na wo. Ke mawu mawo boŋue he dzɔgbevɔ̃e va eya ŋutɔ kple Israel katã dzi.


Esi Fia Ahaz ku la, woɖii ɖe Yerusalem du la me, ke menye ɖe fiawo ƒe ɖiƒe o, eye via Hezekia zu fia ɖe eteƒe.


Woŋlɔ nu bubu siwo yi edzi le Manase ƒe fiaɖuɖu me, eƒe gbe si wòdo ɖa na eƒe Mawu, nya siwo nukpɔlawo gblɔ nɛ le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me la katã ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me.


Tso Nyagblɔɖila Samuel ƒe ɣeyiɣi dzi la, womegaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la wòdze edzi alea kpɔ o, eye Israel fiawo dometɔ aɖeke mate ŋu aʋli ho kple Fia Yosia le ale si nunɔlawo, Levitɔwo kple ame siwo tso Yerusalem kple Yuda kple Israel ƒe akpa sia akpa sɔ gbɔe va ɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa