Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 2:6 - Agbenya La

6 Ke ame kae ate ŋu atu xɔ si adzee la nɛ? Dziƒo kɔkɔtɔ kekeake gɔ̃ hã ƒe nyonyo made o! Gawu la, ame kae menye be woaɖe mɔ nam be matu gbedoxɔ na Mawu? Ke anye teƒe aɖe si woado dzudzɔ ʋeʋĩ le eŋkume le.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eyata do ŋutsu aɖaŋutɔa ɖe ɖem, amesi nya sika kple klosalo, akɔbli kple gayibɔ, aɖabɛ dzĩtɔ, ka dzẽ kple aɖabɛ blɔtɔ ŋu dɔwɔwɔ, eye wonyã aliŋɔŋlɔ la, wòava akpe ɖe aɖaŋutɔ, siwo le gbɔnye le Yuda kple Yerusalem, amesiwo fofonye Dawid do la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 2:6
19 Mawu Ofanana  

Ale Fia David ɖanɔ anyi ɖe Yehowa ŋkume eye wòdo gbe ɖa be, “Oo, Aƒetɔ Yehowa, ame kae menye eye nu kae nye nye ƒome be nètsɔ nu siawo katã nam?


Azɔ Fia Solomo ɖo du ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Huram la tso Tiro be wòava.


Huram nye Yuda nyɔnu aɖe si tso Naftali ƒomea me eye wònye ahosi aɖe ƒe vi. Fofoa nye akɔblinutula tso Tiro, ale aɖaŋu, nugɔmesese kple nunya geɖe le tagbɔ nɛ eye wònya akɔbliɖaŋu vovovowo wɔwɔ. Eva Fia Solomo gbɔ eye wòwɔ dɔ siwo katã wode asi nɛ.


“Ke, ɖe Mawu ate ŋu anɔ anyigba dzia? Dziƒowo kple dziƒo kɔkɔtɔwo kekeake hã melolo na wò, hafi gbedoxɔ sia nasu na wò o!


Gawu la, kpeɖolawo kple atikpalawo kple aɖaŋudɔwɔla vovovowo le asiwò.


“Ke ame kae menye eye ame kawoe nye amewo nye be nàɖe mɔ na mí be míana nane wò? Gbɔwòe nu sia nu si le mía si la tso eye nu si nye tɔwò xoxo la ko míetsɔ na wò!


Azɔ la, na nunya kple sidzedzem be maɖu nye amewo dzi nyuie elabena ame ka ate ŋu aɖu dukɔ gã sia tɔgbi abe wò dukɔ la ene dzi le eɖokui si?”


“Ke, ɖe Mawu anya nɔ anyigba dzi kple amewoa? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo gɔ̃ hã melolo na wò o, ekema nu kae nye gbedoxɔ sia si metu?


Mose gblɔ na Mawu be, “Ame ka menye aɖatsi tsitre ɖe Farao ŋkume, agblɔ nɛ be meva Israelviwo ɖe ge tso Egipte?”


Enya ale si woatsɔ kpe xɔasiwo awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Dziƒoe nye nye fiazikpui, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Afi ka xɔ si miatu nam la le? Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ.


Ɖe ame aɖe abe ɖe bebeƒe aɖe be nyemate ŋu akpɔe oa?” Yehowae gblɔe. “Ɖe nyemeyɔ dziƒo kple anyigba taŋtaŋ oa?” Yehowae gblɔe.


Nunana nyui si Kristo tsɔ na mí la ɖi ku ƒe ʋeʋẽ na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m. Ke le ame siwo xɔ Kristo dzi se ya gbɔ la, míenye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si naa agbe. Azɔ biabia lae nye be ame ka ŋu ŋutete le be wòawɔ dɔ siawo?


Togbɔ be nyemesɔ kple ame gblɔetɔ kekeake le Mawu ƒe amewo dome o hã la, etsɔ amenuveve sia nam be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o,


ekema ele be miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo katã ayi kɔkɔeƒe la, afi si eya ŋutɔ atia abe eƒe nɔƒe ene.


misa wo le teƒe si Yehowa ŋutɔ atia ko. Atia teƒe aɖe tso afi si woma na toawo dometɔ ɖeka la me. Afi ma ko miasa vɔ le, eye miatsɔ miaƒe nunanawo ayi.


Mitsɔ miaƒe vɔsawo kple nu siwo ŋugbe miedo na Yehowa la yi ɖe Mawusubɔƒe ɖeka ma.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa