Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 2:10 - Agbenya La

10 Adzɔ si mana wò dɔla siwo nye atidzelawo lae nye wɔ meme tɔn akpe ene alafa ene (4,400) kple lu tɔn akpe ene alafa ene (4,400) hekpe ɖe wain tɔn alafa ene blaene (440) kple amitimi tɔn alafa ene blaene (440) ŋuti.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Tete Tiro-fia Xuram ŋlɔ ɖe agbalẽ me ɖo ɖe Salomo bena: Esi Yehowa lɔ̃ eƒe dukɔ ŋuti la, eyata wotsɔ wò ɖo fiae ɖewo dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 2:10
11 Mawu Ofanana  

eye abe fetu ene la, Solomo ɖoa lu dzidzenu akpe alafa ɖeka blaeve vɔ atɔ̃ kple ami galɔn blasiekɛ-vɔ-ade ɖe Hiram ƒe sia ƒe.


Zɔ la tri sentimita enyi, eƒe to le abe tsinokplu tɔ ene eye wowɔe abe ale si dzogbenya ƒe seƒoƒo le ene. Exɔa tsi kilolita blaene-vɔ-ene.


Hiram tsɔ gadzẽ wɔ ze ewo da ɖe nunɔdziawo dzi, ze ɖe sia ɖe keke eye wòdidi mita eve eye wòxɔa tsi lita alafa enyi blaenyi.


Azɔ David nya nu si ta Mawu ɖoe fiae na Israel eye wòna eƒe fiaɖuƒe keke ta. Nu tɔxɛ aɖe tae, eyae nye be wòado dzidzɔ na Mawu ƒe amewo.


“Eya ta ɖo lũ, ƒo, ami kple wain siwo ŋugbe nèdo la ɖe wò dɔla.


Mehiã ati sɔ gbɔ elabena gbedoxɔ si tu ge megbɔna la alolo ŋutɔ eye wòanyo wu gbɔgblɔ.


Woakafu Yehowa, wò Mawu la ame si ŋu wò nu nyo eye wòtsɔ wò da ɖe eƒe fiazikpui dzi be nànye fia, anɔ Yehowa, wò Mawu la teƒe le lɔlɔ̃ si wò Mawu tsɔ na Israel kple eƒe didi be yealé wo ɖe asi ɖaa ta la, eɖo wò Fiae ɖe wo nu be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye nàhe dzɔdzɔenyenye vɛ.”


Azɔ la, wotsɔ ga na gliɖolawo kple atikpalawo, eye wotsɔ nuɖuɖu, nunono kple ami na Sidontɔwo kple Tirotɔwo, be woatsɔ sedati lalãwo tso Lebanon ato ƒu dzi ava kɔ ɖe Yopa, le Persia fia, Sirus ƒe mɔnana nu.


va se ɖe klosalo “tɔn” etɔ̃ kple afã, lu agba blaeve-vɔ-eve, wain adzafi eve kple afã, amitimi atukpa eve kple afã kple dze agbɔsɔsɔ si sinu wòdi la dzi.


“Nenye be mieɖo kɔƒe aɖe me la, miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o, midze aƒe ɖeka ko me, eye miaɖu nu alo ano nu sia nu si wotsɔ ɖo mia kɔme la numaƒomaƒoe. Nenye be wona nane mi la, migagbe exɔxɔ o, elabena dɔwɔla ɖe sia ɖe dze na eƒe fetu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa