Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 18:5 - Agbenya La

5 Ale Israel fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene (400) nu ƒu eye wòbia wo be, “Mího aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo mínɔ anyi koa?” Woɖo eŋu nɛ be, “Yi, elabena Mawu atsɔe ade fia la ƒe asi me.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tete Israel-fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene nu ƒu, eye wògblɔ na wo bena: Maho aʋa yi Ramot-Gilead loo, alo nyemagayi oa? Woɖo ŋu bena: Ho yi, Mawu atsɔe ade asi na fia la!

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 18:5
22 Mawu Ofanana  

Ke wolé lã wɔadã la kple aʋatsonyagbɔɖila la, ame si wɔ nukunu geɖewo le eƒe ŋkɔ me. Etsɔ dzesi siawo ble ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, ame siwo hã subɔ eƒe legba la. Wotsɔ wo kple eve la katã ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me agbagbee.


Elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime amewo magaɖo to nyateƒe la o, ke boŋ woanɔ tsatsam anɔ nufiala siwo agblɔ nya siwo woawo ŋutɔ adi be yewoase la dim.


Miaƒe kplɔlawo xɔa zãnu hafi drɔ̃a ʋɔnu. Miaƒe nunɔlawo fiaa nu ɖe ga si woaxɔ ta eye miaƒe Nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖi ɖe ga ta gake woziɔna ɖe Yehowa ŋu gblɔna be: “Yehowa le mia dome eya ta vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o.”


Ne alakpatɔ kple ameblela aɖe va gblɔ be magblɔ nya ɖi be, ‘Wain kple aha nabɔ na mi fũu’ la, eyae nye nyagblɔɖila si tɔgbi ame siawo lɔ̃na.”


Esi mietsɔ alakpa ɖe dzi le ame dzɔdzɔewo ƒo le esime nyemeda nuxaxa ɖe wo dzi o, eye esi miedo ŋusẽ ame vɔ̃ɖiwo be womagaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃ɖiwo ŋu o, ale be woaɖe woƒe agbe o ta la,


miewɔ vodada gã aɖe, esi miedɔm ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖe kuku na Yehowa, miaƒe Mawu la na mí; gblɔ nu sia nu si wòagblɔ na wò la na mí eye míawɔ ɖe edzi.’


Wogblɔna na ame siwo doa vlom ɖaa la be, ‘Yehowa be: miakpɔ ŋutifafa’, eye wogblɔna na ame siwo zɔna ɖe woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖo nu la be, ‘Dzɔgbevɔ̃e aɖeke mava mia dzi o.’


Ke mekpɔ ŋunyɔnu sia hã le nyagblɔɖila siwo le Yerusalem la dome. Wole ahasi wɔm eye wole alakpa hã dam. Wodoa ŋusẽ nu baɖa wɔlawo be ne ame aɖeke nagaɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o. Wo katã le nam abe Sodom ene. Yerusalem nɔlawo le abe Gomoratɔwo ene.”


Esi Mikaya va ɖo fia la gbɔ la, fia la biae be, “Mikaya, ɖe míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo ɖe míanɔ anyi koa?” Mikaya ɖo eŋu be, “Miyi! Miaɖu dzi bɔbɔe!”


Ke Elisa gblɔ na Israel fia Yehoram be, “Nyemedi wò nya aɖeke be mase o; yi fofowò kple dawò ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ!” Fia Yehoram ɖo eŋu be, “Ao, elabena Yehowae yɔ mí va afi sia be Moab fia natsrɔ̃ mí!”


Azɔ la, yɔ Israel katã, Baal ƒe nyagblɔɖila alafa ene blaatɔ̃ kple aƒeli ƒe nyagblɔɖila alafa ene siwo ɖua nu le Yezebel ƒe kplɔ̃ ŋu ƒo ƒu ɖe gbɔnye le Karmel to dzi.”


Ben Geber dzɔa nu le Ramot Gilead kple Yair, Manase ƒe vi ƒe kɔƒe, le Gilead kple Argob nutowo me le Basan kple du blaade siwo woɖo gli ƒo xlãe eye wode akɔbligbowo wo nu la me.


Gake Yehosafat gblɔ kpe ɖe eŋu na Israel fia bena “Bia gbe Yehowa gbã.”


Ke Yehosafat bia be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila mele afi sia, si míabia gbee oa?”


Ebia wo be, “Nu ka miesusu? Aleke míagblɔ na ame siawo esi wova biam be, ‘Ɖe kɔkuti si fofowò tsɔ da ɖe mía dzi la dzi kpɔtɔ na mí’ mahã?”


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Migaɖo to nyagblɔɖi siwo gblɔm Nyagblɔɖilawo le na mi la o. Mia flum wole kple mɔkpɔkpɔ ƒuƒlu. Wogblɔa nya si woawo ŋutɔ susu la be ŋutegae yewokpɔ, ke menye nya si do tso Yehowa ƒe nu me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa