Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va dze ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka dzi. Ame siae nye Yahaziel, ame si fofoe nye Zekaria, ame si fofoe nye Benaya, ame si fofoe nye Yeiel, ame si fofoe nye Matania, Levi ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe viwo dometɔ ɖeka.
Azɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ va dze Zekaria, Yehoiada ƒe vi, dzi. Eyɔ ameawo katã ƒo ƒu. Etsi tsitre ɖe kplɔ̃ aɖe dzi le ameawo ŋgɔ hegblɔ na wo be, “Mawu di be yeanya nu si na miele yeƒe sewo dzi wɔm o. Nu sia tae naneke megadzea edzi na mi o. Miegble Yehowa ɖi eya ta eya hã gble mi ɖi azɔ.”