Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Tesalonikatɔwo 3:8 - Agbenya La

8 alo ɖu ame aɖeke ƒe nu femaxee o, ke boŋ míewɔ dɔ zã kple keli. Míedze agbagba, ku kutri be míaganye agba na mia dometɔ aɖeke o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 eye mieɖu abolo dzro le amea ɖeke gbɔ o, ke boŋ mietsɔ agbagbadzedze kple kutrikuku wo ɖo zã kple keli, bena míagazu agba na mia dome amea ɖeke o,

Onani mutuwo Koperani




2 Tesalonikatɔwo 3:8
14 Mawu Ofanana  

Na míayi Yɔdan tɔsisi la to, ale be mía dometɔ ɖe sia ɖe natso ati eye míatsɔe atso teƒe aɖe si míanɔ.” Elisa gblɔ na wo be, “Miyi! Enyo, miate ŋu atu xɔ la faa.”


Nu siwo mehiãna gbe sia gbe la woe nye nyitsu ɖeka, alẽ dami ade kple koklo geɖewo, eye le ŋkeke ewo ɖe sia ɖe me la, mehiãa wain lita geɖe. Ke nyemeda nudzɔdzɔ tɔxɛ ɖe ameawo dzi o, elabena nuwo nɔ sesẽm na wo xoxo.


Ekpɔa eƒe aƒekɔ ƒe nyawo gbɔ nyuie eye meɖua kuviabolo o.


Na nuɖuɖu si míaɖu egbe la mi.


elabena enye avɔgbadɔwɔla abe woawo ke ene. Enɔ wo gbɔ hewɔ dɔ kpli wo.


Miawo ŋutɔ mienya ale si metsɔ nye asi wɔ dɔ hedi nye ŋutɔ kple nye kpeɖeŋutɔwo ƒe nuhiahiãwoe.


Míawo ŋutɔ míetsɔa asi wɔa dɔ kple kutrikuku be míakpɔ mía ɖokuiwo dzii. Míeyraa ame siwo ƒoa fi dea mí la, eye míegbɔa dzi ɖi blewu na míaƒe futɔwo.


Aleke bum miele le ŋutinye? Ɖe mɔɖeɖe meli be mava dze mia gbɔ abe apostolo bubuawo ene le nye mɔzɔzɔwo me oa?


Le dɔwɔwɔ fũu ta la, ɖeɖi tea ŋunye, eye metsi zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe. Dɔ kple tsikɔ wuam zi geɖe. Dɔƒe hã menɔa asinye o, eye le zã me la, vuvɔ wɔam, elabena avɔ titri menɔ asinye o.


Esi menɔ mia gbɔ, eye nanewo va hiãm la, nyemebia mi o, ke boŋ kristotɔ siwo tso Makedonia va gbɔnye lae tsɔ nu siawo nu vɛ nam. Meɖoe be nyemanye agba na mi o, eya tae nyemebia pesewa ɖeka hã va se ɖe fifia o, eye nyemabia mi hã gbeɖegbeɖe o.


Ame si nye fiafitɔ la, nedzudzɔ fififi, newɔ dɔ, netsɔ eƒe asiwo wɔ dɔ nyui, si aɖe vi nɛ be wòakpɔ nane ana hiãtɔwo.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, mieɖo ŋku ale si míewɔ dɔ kple kutrikuku geɖe le mia dome la dzi oa? Zã kple keli míewɔa dɔ kple kutrikuku, eye míetea fifia be míate ŋu akpɔ nu anɔ agbe ɖe eŋuti, ale be míaganye agba na ame aɖeke le afi ma esi míele Mawu ƒe nyanyui la gblɔm le mia dome o.


Esia nanye miaƒe didi ɖaa be mianɔ agbe le tufafa me; miakpɔ mia ŋutɔwo ƒe dɔwo gbɔ abe ale si míegblɔ na mi va yi la ene.


Míele kuku ɖem na ame mawo katã, eye míele gbe ɖem na wo hã le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be woadze kɔ anyi, awɔ dɔ atsɔ akpɔ wo ɖokuiwo dzii.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa