Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Tesalonikatɔwo 2:3 - Agbenya La

3 Migana woatɔtɔ miaƒe susuwo, eye woable mi o; migaxɔ nu sia nu si wogblɔ la dzi se o, elabena ŋkeke ma mava o, va se ɖe esime aglãdzedze ava eye woaɖe ame sedzimawɔla la ɖe go, ame si woɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Migana amea ɖeke nable mi le mɔa ɖeke dzi o; elabena Aƒetɔ la mava o, negbe ɖeko megbedede tso Mawu gbɔ lava gbã, eye woaɖe nuvɔ̃me, si nye gbegblẽvi la, ɖe go,

Onani mutuwo Koperani




2 Tesalonikatɔwo 2:3
17 Mawu Ofanana  

“Fia la awɔ nu si adze eŋu. Ado eɖokui ɖe dzi eye wòawɔ eɖokui gãe wu mawu ɖe sia ɖe ale be wòagblɔ nya masekpɔwo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋuti. Nuwo adze edzi nɛ va se ɖe dziku ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu elabena ele be woawu nu si woɖo ɖi la nu.


Aƒo nu atsi tsitre ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu, ate eƒe ame kɔkɔeawo ɖe to eye wòate kpɔ be yeatrɔ ɣeyiɣi ɖoɖowo kple sewo. Woatsɔ ame kɔkɔeawo ade asi nɛ ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã.


Ana beble nakpɔ dzidzedze eye wòabu eɖokui gã wu ale si wòle. Ne amewo bu be yewole dedie la, awu wo dometɔ geɖewo eye wòatsi tsitre ɖe fiawo dzi Fia la ŋu. Ke woatsrɔ̃e gake menye to amegbetɔ ƒe ŋusẽ me o.


Esi menɔ wo gbɔ la, mekpɔ wo ta, eye mena be wole dedie to ŋkɔ si nènam la me. Wo dometɔ aɖeke mebu o, negbe wo dometɔ si woɖo be woatsrɔ̃ la ko, be ŋɔŋlɔ la nava eme.


Ɖe mienyae be ame vɔ̃ɖiwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o. Ahasiwɔlawo, trɔ̃subɔlawo, matrewɔlawo kple ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsu bubuwo,


Migana ame aɖeke nable mi o, elabena nu siawo tae Mawu ƒe dɔmedzoe vaa tomaɖolawo dzi ɖo.


Vi lɔlɔ̃awo, míege ɖe gaƒoƒo mamlɛatɔ me: eye abe ale si miese xoxo be Kristo ƒe futɔ la gbɔna vava ge ene la, fifi laa la, Kristo ƒe futɔ geɖewo va ɖo xoxo. Esiae na be míenya be gaƒoƒo alo ɣeyiɣi mamlɛtɔ ɖo.


Ke Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si meɖea gbeƒã Yesu Kristo o la metso Mawu gbɔ o. Esiae nye Kristo ƒe futɔ ƒe gbɔgbɔ si mese be egbɔna eye fifia gɔ̃ hã la ele xexea me xoxo.


Lã si nɔ anyi kpɔ, eye megali fifia o lae nye fia enyilia. Enye fia adreawo dometɔ ɖeka, eye wòyina ɖe eƒe tsɔtsrɔ̃ la me.


Lã si nèkpɔ la nɔ anyi tsã, gake megali fifia o, eye ado tso ʋe globo la me ayi eƒe tsɔtsrɔ̃ la me. Anyigbadzitɔ siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me o la ƒe mo awɔ yaa ne wokpɔ lã la, elabena enɔ anyi tsã, ke megali fifia o, gake agatrɔ ava.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa