Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Tesalonikatɔwo 2:2 - Agbenya La

2 migana woatɔtɔ miaƒe susuwo bɔbɔe alo ado dzikatsoameƒo na mi kple nyagblɔɖiwo, nutsotsowo alo kple agbalẽ aɖe si wogblɔ be etso mía gbɔ hele gbɔgblɔm be Aƒetɔ la ƒe vavagbe la va yi xoxo o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 bene miagana woate mi ɖa kaba tso miaƒe tamesusu me o, eye miagana woado voɖi na mi hã o, eɖanye to gbɔgbɔ alo to nya me o alo to agbalẽ, si le abe mía gbɔ wòtso ene la me o, abe ɖe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ɖo va ene.

Onani mutuwo Koperani




2 Tesalonikatɔwo 2:2
27 Mawu Ofanana  

Àna be ame si ƒe susu ku ɖe ŋuwò la nanɔ ŋutifafa gã aɖe me, elabena eɖo ŋu ɖe ŋuwò.


Azɔ wogblɔ na David ƒe aƒe la be, Siria wɔ ɖeka kple Efraim, eya ta Ahaz kple dukɔ la katã ƒe dzi ʋuʋu abe ale si ya ʋuʋua avemetiwoe ene.


Ne alakpatɔ kple ameblela aɖe va gblɔ be magblɔ nya ɖi be, ‘Wain kple aha nabɔ na mi fũu’ la, eyae nye nyagblɔɖila si tɔgbi ame siawo lɔ̃na.”


elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gãwo siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase.


Ne miese aʋawɔwɔwo kple aʋaɣliwo la, ŋɔ megadzi mi o. Ele be nu siawo tɔgbi nava eme, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.


Elabena ne miele tsitre sesĩe la, ekema miaƒe luʋɔwo akpɔ ɖeɖe.


Eye ne miese be aʋa dzɔ, eye ʋunyaʋunyawo hã dze egɔme la, dzidzi megaƒo mi o. Nyateƒe ele be nu siawo nava me gbã, gake nuwuwua mava enumake o.


Yesu yi edzi gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migana vɔvɔ̃ naɖo mi, eye miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o. Mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se.


Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi. Nye ŋutifafa metsɔ na mi. Menye xexea me tɔ ƒomevi o. Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o, eye migavɔ̃ o.


Ana mianɔ tsitre sesĩe va se ɖe nuwuwu, eye woakpɔ mi mokakamanɔŋutɔwoe le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.


Miɖo ŋku edzi be ame si xɔ gbedeasi aɖe tso Mawu gbɔ la ate ŋu azi eɖokui dzi alo alala va se ɖe esime wòaɖo edzi be wòaƒo nu.


Eyae nye be, le fukpekpe geɖe si le mí kristotɔwo dzi vam le egbeŋkekewo me ta la, anyo be ame sia ame nanɔ anyi abe ale si wòle fifia ene.


Migana ame aɖeke nable mi o, elabena nu siawo tae Mawu ƒe dɔmedzoe vaa tomaɖolawo dzi ɖo.


ale be miate ŋu alé dzi ɖe ƒo le miaƒe fukpekpe siawo katã me. Gake mienya be fukpekpe mawo nye Mawu ƒe ɖoɖo ƒe akpa aɖe na mi kristotɔwo.


Le Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe nya nu la, míele egblɔm na mi be mí ame siwo gale agbe, ame siwo asusɔ va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vavagbe la mado ŋgɔ na ame siwo ku la o.


elabena mienya nyuie be ame aɖeke menya ɣeyiɣi la o. Aƒetɔ la ƒe azãgbe la aɖi ɖe mí abe ale si fiafitɔ vana le zã me ene.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siawo katã le susu me na mi, eya ta minɔ te sesĩe, eye mialé nyateƒe la me ɖe asi sesĩe, nyateƒe siwo míefia mi, esi míenɔ mia gbɔ kple esiwo míeŋlɔ ɖo ɖe mi le míaƒe agbalẽwo me na mi.


Azɔ esia nye nye Paulo ŋutɔ nye gbedoname si meŋlɔ kple nye ŋutɔ nye asi, abe ale si mewɔnɛ le nye agbalẽwo katã ƒe nuwuwu la ene, be wòanye kpeɖodzi na mi be agbalẽ la tso nye ŋutɔ gbɔnye. Esia nye nye ŋutɔ nye asinuŋɔŋlɔ.


Ke wolé lã wɔadã la kple aʋatsonyagbɔɖila la, ame si wɔ nukunu geɖewo le eƒe ŋkɔ me. Etsɔ dzesi siawo ble ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, ame siwo hã subɔ eƒe legba la. Wotsɔ wo kple eve la katã ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me agbagbee.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa