Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Tesalonikatɔwo 2:11 - Agbenya La

11 eya ta Mawu ɖe mɔ na wo be woaxɔ alakpa siawo katã dzi ase kple woƒe dzi blibo,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye le esia ta Mawu adɔ beble, si nu sẽ la, aɖo ɖe wo gbɔ, bene woaxɔ aʋatsokaka dzi ase,

Onani mutuwo Koperani




2 Tesalonikatɔwo 2:11
21 Mawu Ofanana  

Esi Potifar se nya sia la, edo dɔmedzoe.


Elɔ̃a ɖiŋudodo, eya ta ɖiŋudodo neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi; amewo yayra medoa dzidzɔ nɛ o, eya ta yayra nete ɖa xaa tso eya ŋutɔ gbɔ.


Etsɔ eƒe susu da ɖe dzofi dzi, eye dzi si woble la kplɔe trae, ale mate ŋu aɖe eɖokui alo agblɔ be, “Ɖe nu si melé ɖe nye nuɖusime la menye aʋatso oa?”


eya ta nye hã masẽ ŋuta le wo ŋu, eye mana nu si le ŋɔ dzim na wo la nava wo dzi, elabena esi meyɔ wo la, ame aɖeke metɔ o, eye esi meƒo nu la, ame aɖeke meɖo to o. Wowɔ nu vɔ̃ɖi le nye ŋkume, eye wotia nu si medoa dzidzɔ nam o.”


Wogblɔa aʋatsonyagblɔɖiwo na mi, siwo ana be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigbawo dzi aɖo ɖe didiƒewo. Manya mi eye miatsrɔ̃.


Tete megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, èflu ame siawo kple Yerusalem ŋutɔ esi nègblɔ be, ‘Miakpɔ ŋutifafa.’ Evɔ, woɖo yi míaƒe vewo dzi.”


“ ‘Eye ne woflu nyagblɔɖila la be wòagblɔ nya ɖi la, nye Yehowae aflu nyagblɔɖila ma, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu, eye matsrɔ̃e le nye amewo dome le Israel.


Togbɔ be aʋatsoŋutegawo ƒe alakpaɖeɖefiawo le ŋuwò hã la, woatsɔe ada ɖe kɔ dzi na ame vɔ̃ɖi siwo wole wuwu ge, ame siwo ƒe ŋkeke de, eye woƒe tohehe ƒe ɣeyiɣi ɖo eƒe kɔkɔƒe.


Aʋatsonyagblɔɖilawo abɔ fũu, eye woana geɖewo atra mɔ.


elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ me agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la,’ eye woaflu ame geɖewo.


Gawu la, esi wosusui be mehiã be woalé sidzedze Mawu me ɖe asi o ta la, Mawu ɖe asi le woƒe susu ŋu na bometsitsi be woawɔ nu si mele be woawɔ o.


Eya ta miakpɔe adze sii be míele mawunya gblɔm ɖe didi vɔ̃wo alo tameɖoɖo vɔ̃wo ta o, ke boŋ míele egblɔm le anukwareɖiɖi kple dzitsinya nyui me,


Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe na mi kɔtɛe be le ŋkeke mamlɛawo me la, ame aɖewo le hamea me atrɔ le woƒe dzixɔse yome adze nufiala siwo ƒe susuwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo yɔ la yome kple dzo.


Womaɖo to nu si nyateƒe la le fiafiam o, ke boŋ woadze woawo ŋutɔ ƒe susu tatrawo yome dzidzɔtɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa