Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 9:4 - Agbenya La

4 Eye anye ŋukpe nam ŋutɔ, eye wòanye ŋukpe na miawo hã ne nɔvi siwo tso Makedonia va kplim ko wòava dzɔ be miele klalo abe ale si megblɔ na wo ene o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 bena nenye ɖe Makedoniatɔwo ava kpakplim, eye woakpɔ bena, miedzra mia ɖokui ɖo ɖi o la, ŋu nagakpe mí — míele didim be, miagblɔ be miawo ke la — le dziɖoɖo ɖe mia ŋu sia ŋuti o.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 9:4
7 Mawu Ofanana  

Elabena kristotɔ siwo le Makedonia kple Akaya la di nanewo be yewoaɖo ɖe nɔvi siwo le Yerusalem, ame siwo le ɣeyiɣi sesẽ aɖe ŋutɔ me tom la.


Le Kɔsiɖa ɖe sia ɖe gbe la, ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ ga si wòkpɔ le kɔsiɖa me la ƒe akpa aɖe adzra ɖo, eye wòawɔ eŋu dɔ na nunana sia. Ga home la ku ɖe home si Aƒetɔ la kpe ɖe amea ŋu wòkpɔ la ŋu. Migalala va se ɖe esime mava afi ma hafi miadze agbagba be yewoadzɔ ga home la katã zi ɖeka o.


Adegbe sia ƒoƒo kple kakaɖedzi menye nu si Aƒetɔ la di tso asinye be mawɔ o, gake mele eƒo ge abe ale si ame tagbɔmanɔsitɔ ƒoa nue ene.


Meɖe kuku mitsɔ lɔlɔ̃ si le mia me ɖe ŋunye la na ame siawo hã, ale be woakpɔe be ale si meƒoa adegbe tso mia ŋuti la le eme vavã, eye miɖee fia le hameawo ƒe ŋkume.


elabena menya ale si wònye miaƒe didi vevie be yewoawɔ lɔlɔ̃nununana sia, eye metsɔ esia ƒo adegbe na Makedonia hamewo be mi Akayatɔwo miele klalo kple miaƒe nunanawo abe ƒe ɖekae nye esia ene. Le nyateƒe me la, esia de dzo tɔxɛ aɖe woawo hã me be wodze ƒuƒoƒo nunanawo gɔme.


Maɖo eteƒe na wò. Nye, Paulo, meɖo kpe nya sia dzi na wò to nu sia ŋɔŋlɔ kple nye asi na wò me. Ke nyemakɔ nu le fe si nènyi le asinye la dzi o! Nya lae nye be wò luʋɔ la ŋutɔe nye fe si nenyi le asinye!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa