Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 9:14 - Agbenya La

14 Nɔvi siawo ado gbe ɖa ɖe mia ta vevie, ada akpe gã aɖe na Mawu le amenuvedɔ gã siwo wòwɔ na wo to mia dzi la ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 eye woawo hã le kuku ɖem ɖe mia ta, eye miele wo dzrom le Mawu ƒe amenuveve, si sɔ gbɔ ŋutɔ na mi la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 9:14
18 Mawu Ofanana  

Ale Absalom ƒe amewo wɔ Amnon abe ale si Absalom ɖo na wo ene. Tete fia la ƒe viwo katã lia woƒe tedzisɔwo dzi eye wosi dzo.


Ame si tsɔ bli ɣla la amewo aƒo fi adee gake yayra ava ame si lɔ̃ be yeadzra etɔ la dzi.


Mele egblɔm na mi be mitsɔ anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui, ne wo nu va yi vɔ la, woaxɔ mi ɖe aƒe mavɔ la me.


Mele didim vevie be mava kpɔ mi ɖa ale be matsɔ gbɔgbɔmenunana aɖewo ado ŋusẽ mi,


Eya ta mi katã miwɔ ɖeka ne miado gbe ɖa ɖe mía ta vevie. Zi ale si miedo gbe ɖa eye mieɖe kuku ɖe mía ta la, zi nenema ke miagada akpe na Aƒetɔ la ɖe eƒe amenuveve si na be míenɔ dedie la ta.


Azɔ la, nɔviwo, medi be magblɔ nu siwo wɔm Mawu le, le Makedonia hamewo me to eƒe amenuveve me la na mi.


Nɔvi siwo katã ŋu miele kpekpem ɖo la makpɔ dzidzɔ le miaƒe nunana nyuiwo ɖeɖe ko ŋuti o, ke boŋ woakafu Mawu hã le miaƒe toɖoɖo Kristo ƒe nyanyui la ta. Eye miaƒe nunana hã nye kpeɖodzi be Kristo le mia me vavã.


Akpedada woatsɔ ana Mawu le eƒe nunana manyagblɔ la ta.


Mawu ɖeka koe nya lɔlɔ̃ vavã si le menye ɖe mia ŋu abe ale si Yesu Kristo hã lɔ̃ mi ene.


Azɔ la, megbugbɔe le ɖoɖom ɖe mi, elabena ele mia susum, eye esi miese be edze dɔ la, ele nu xam.


Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃awo, melɔ̃ mi, eye medi vevie be mava kpɔ mi ɖa, elabena miawoe nye nye dzidzɔkpɔkpɔ kple nye fiakuku si maxɔ ɖe nye dɔwɔwɔwo ta. Eya ta xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, minɔ te sesĩe le Aƒetɔ la me.


O, míaƒe Aƒetɔ la ƒe dɔme nyo loo, elabena efia ale si wòle be maxɔ edzi ase lam, be Kristo Yesu ƒe lɔlɔ̃ nayɔ menye fũu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa