2 Korintotɔwo 9:13 - Agbenya La13 Nɔvi siwo katã ŋu miele kpekpem ɖo la makpɔ dzidzɔ le miaƒe nunana nyuiwo ɖeɖe ko ŋuti o, ke boŋ woakafu Mawu hã le miaƒe toɖoɖo Kristo ƒe nyanyui la ta. Eye miaƒe nunana hã nye kpeɖodzi be Kristo le mia me vavã. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191313 elabena subɔsubɔdɔ sia ƒe kpɔɖeŋu nyui la ana woakafu Mawu le miaƒe toɖoɖo Kristo ƒe nyanyuie me ʋuʋu la kple miaƒe hadede kple woawo kpakple amewo katã tso dzimekɔkɔ me la ŋuti; Onani mutuwo |
Ne ènye mawunyagblɔla la, ekema ele be nàkpɔ egbɔ be ŋusẽ le yeƒe mawunya ŋu, eye wòkpena ɖe amewo ŋu. Ne Mawu na hotsui wò la, tsɔe nyo dɔ me, eye nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ne Mawu na dzikpɔkpɔ ƒe nunana wò, eye wòna be nàkpɔ ame bubuwo ƒe dɔwo dzi la, ele na wò be nàlé fɔ ɖe wò dɔdeasi sia ŋu vevie. Ele na ame siwo faa akɔ na konyifalawo la be woatsɔ kristotɔwo ƒe dzidzɔ awɔe.
Míetsɔa Mawu ƒe ŋusẽ sia ɖua nya vlo siwo katã amegbetɔwo gblɔna ɖe Mawu ŋuti la dzi, eye eyae míetsɔna gbãa nugɔmemasemase ƒe gli si wòtu ƒo xlã amewo be woagadze si Mawu o. Eye to ŋusẽ sia me la, míeléa ame si dze aglã ɖe Mawu ŋuti la kluvii be wòatrɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye míetrɔa eƒe susuwo be wòaɖo to Kristo.