Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 8:24 - Agbenya La

24 Meɖe kuku mitsɔ lɔlɔ̃ si le mia me ɖe ŋunye la na ame siawo hã, ale be woakpɔe be ale si meƒoa adegbe tso mia ŋuti la le eme vavã, eye miɖee fia le hameawo ƒe ŋkume.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Azɔ ne míeɖe miaƒe lɔlɔ̃ kple miaƒe adegbe, si míeƒona le mia ŋuti la, ƒe dzesi fia woamawo la, ekema mieɖee fia le hameawo ŋku me.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 8:24
5 Mawu Ofanana  

Le ɣeyiɣi siawo katã me la, tomefafa blibo nɔ hame siwo le Yudea, Galilea kple Samaria nutowo me la me. Esia wɔ be hame la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi, eye wògasẽ ŋu ɖe edzi wu le gbɔgbɔ me hã, eye wonɔ agbe le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã na dzidzeme blibo wo.


Hafi Tito nadzo le gbɔnye la, metsɔ mi ƒo adegbe nɛ, eye meɖi ɖase nyui le mia ŋuti nɛ, eye vavã miewɔ nu siwo megblɔ nɛ tso mia ŋuti la hã nɛ. Abe ale si metoa nyateƒe na mi le nu sia nu me ene la, nenema ke megblɔ nyateƒe tso mia ŋuti na Tito hã.


Meɖoa dzi ɖe mia ŋu ŋutɔ, eye medana ɖe mia dzi hã ŋutɔ, eye togbɔ be nuxaxa kple vevesese geɖe le dzinye hã la, ne meɖo ŋku mia dzi ko la, dzideƒo ɖoa asinye eye dzidzɔ yɔa menye taŋtaŋtaŋ.


Menye ɖe mele se dem na mi alo le mia dzi zim be miawɔ nunana kokoko o, ke boŋ ale si wònye hame bubuwo ƒe didi vevie be yewoawɔ nunana alea tae medi be miawo hã miaɖe miaƒe lɔlɔ̃ afia abe hame bubuwo ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa