Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 8:18 - Agbenya La

18 Mele nɔvi nyanyɛ bubu aɖe hã ɖom ɖa kpe ɖe Tito ŋuti le mɔzɔzɔ sia me. Hame geɖewo ɖi ɖase le ale si nɔvi sia hã kpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve la me be wòagblɔ Aƒetɔ la ƒe nyanyui la kple dzideƒo la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke míedɔ eya kple nɔvi, si ŋu kafukafu le le nyanyuie ŋuti le hamewo katã me la, ɖo ɖa.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 8:18
8 Mawu Ofanana  

Wotsɔ woƒe agbe de xaxa me ɖe tanye. Menye nye ɖeka koe le akpe dam na wo o, ke Kristo kple hame siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la hã le akpe dam na wo.


Ne meva la, maŋlɔ agbalẽ akpe ɖe miaƒe lɔlɔ̃ ƒe nunana la ŋu aɖo ɖe Yerusalem to dɔla nuteƒewɔla aɖe si miawo ŋutɔ miatia la dzi.


Esia tututu ta mele Timoteo ɖom ɖe mi be wòava kpe ɖe mia ŋu. Eya hã nye ame siwo mehe va Kristo Yesu gbɔ la dometɔ ɖeka eye enye vinye lɔlɔ̃tɔ kple nuteƒewɔla vavã le Aƒetɔ la me. Timoteo sia agaɖo ŋku nu siwo katã mefiana le hawo katã me la dzi na mi.


Le esiawo katã wɔwɔ me la, ame sia ame nakpɔ egbɔ be yewɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖo dzi le srɔ̃ɖeɖe me loo alo le trenɔnɔ me, eye nu sia nu si Mawu na ame aɖe la, wòaxɔe kple dzi faa. Hamewo katã nawɔ ɖe sedede vevi siawo dzi.


Alo ɖe Tito kple nɔvi si medɔ ɖo ɖe mia gbɔ la va ba mia? Gbeɖe, elabena menya nyuie be mí katã la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ɖeka koe le mía me, eye nu ɖeka tɔgbi mí katã míewɔna.


Esi meva Troa be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la le afi ma la, mekpɔ be Aƒetɔ la ŋutɔ ʋu mɔ nam be dɔ la nayi edzi nyuie,


Le nyateƒe me la, hameawo tia nɔvi sia hã be eya hã nanɔ mí ame siwo le miaƒe nunanawo tsɔ ge ayi Yerusalem la dome. Míele dɔ sia wɔm be míatsɔ ade bubu Aƒetɔ la ŋuti eye míaɖe ale si wònye míaƒe didi vevie be míakpe ɖe mía nɔewo ŋuti la hã afia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa