2 Korintotɔwo 8:10 - Agbenya La10 Medi be maɖo aɖaŋu na mi be miado vevi nu le nunana sia me, awu nu si gɔme miedze le ƒe si va yi me la nu, elabena miawoe nye ame gbãtɔ siwo do susu sia ɖa, eye mieɖee fia be miele klalo ɖe ewɔwɔ ŋuti hã. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191310 Eye meɖo aɖaŋu le esia me; elabena esia nyo na mi amesiwo meto ewɔwɔ gɔme ɖeɖeko o, ke boŋ edidi hã, anɔ ƒe ɖeka enye esi. Onani mutuwo |
Le Kɔsiɖa ɖe sia ɖe gbe la, ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ ga si wòkpɔ le kɔsiɖa me la ƒe akpa aɖe adzra ɖo, eye wòawɔ eŋu dɔ na nunana sia. Ga home la ku ɖe home si Aƒetɔ la kpe ɖe amea ŋu wòkpɔ la ŋu. Migalala va se ɖe esime mava afi ma hafi miadze agbagba be yewoadzɔ ga home la katã zi ɖeka o.
Azɔ maɖo miaƒe biabia evelia ŋu na mi. Miele biabiam be nu ka yewoawɔ kple ɖetugbi siwo meɖe srɔ̃ haɖe o la hã! Ɖe woaɖe mɔ na wo be woaɖe srɔ̃ faa hã? Le nyateƒe me la, nyemexɔ sedede tɔxɛ aɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le nya sia ŋu o. Ke Mawu ŋutɔ na susum be mawɔ eŋu dɔ, eya ta magblɔ nu si nye ŋutɔ mebu le nya sia ŋu la na mi.