Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 7:7 - Agbenya La

7 Menye esi wòva ɖo mía gbɔ dedie la ɖeɖe koe na be míekpɔ dzidzɔ o, ke boŋ nya siwo keŋ wògagblɔ nam tso mia ŋuti tae; ale si miexɔe nyuie, ale si wònye miaƒe didi be yewoakpɔm, eye ale si wòve mi ŋutɔ be mele fu geɖe kpem kple ale si miele klalo be yewoalé nu siwo mefia mi la ko me ɖe asi la na megli kple dzidzɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke menye eƒe vava me ɖeɖeko o, ke le akɔfafa, si wotso fa akɔ nɛ le mia ŋuti la hã me boŋ; elabena egblɔ miaƒe didi vevi kple miaƒe avifafa kple miaƒe ŋuʋaʋã le tanye la fia mí, ale bena mekpɔ dzidzɔ wu tsãtɔ.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 7:7
34 Mawu Ofanana  

Na ame dzɔdzɔe naƒom, enye dɔmenyo wòwɔ nam, na wòaka mo nam, enye ami wòsi ɖe ta nam. Nye ta magbe exɔxɔ o. Gake nye gbedodoɖa tsia tsitre ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe wɔnawo ŋu ɖaa,


Elabena medoa dɔmedzoe eteƒe didina o, ke eƒe amenuveve ya nɔa anyi agbenɔɣi katã. Avifafa anɔ anyi le zã me, gake aseyetsotso ava le ŋdi me.


Meʋu nye dzidada me, eye nye nu vɔ̃ ɖe fu nam.


O! Mawu, kpɔ nye nublanui le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta. Le wò dɔmenyo sɔgbɔ la nu, tutu nye dzidadawo ɖa.


Enumake Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ nɛ be, “Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃” la dzi. Ale wòdo go, eye wòfa avi vevie.


Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo hã le konyi fam la, elabena woafa akɔ na mi!


elabena eƒe gbɔgbɔ nɔ veve sem ale gbegbe be fifia nɔ dzadzam le eŋu abe ʋu ene ɖe anyigba le esime wònɔ gbe dom ɖa atraɖii.


Esi Barnabas kpɔ nu gã siwo Mawu wɔ le Antioxia la, dzi dzɔe ŋutɔ. Egado ŋusẽ xɔsetɔawo be woayi edzi alé ɖe Mawu ŋu goŋgoŋgoŋ nenye be nya sia nya le dzɔdzɔm hã.


ale be nye kple miawo siaa míado ŋusẽ mía nɔewo ƒe xɔse.


Ke esi nu sia ƒomevi le edzi yim le mia dome la, ɖe miegale mia ɖokuiwo bum be yewode ŋgɔ le gbɔgbɔ mea? Ɖe wòle be mialé blanui afa konyi ŋukpetɔe eye miaɖe ame sia le hamea me enumake!


abe ale si miese míaƒe nya gɔme afã kple afãe ene la, miava se egɔme blibo ale be miate ŋu aƒo adegbe le mía ŋu abe ale si míaƒoe le mia ŋu le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkeke la dzi ene.


ame si fa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me, ale be míawo hã míate ŋu afa akɔ na ame siwo le xaxa me kple akɔfafa si míawo ŋutɔ míexɔ tso Mawu gbɔ.


Meŋlɔ agbalẽ ma na mi be makpɔe ɖa be miele klalo awɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi, eye be makpɔe ɖa be toɖoɖo ƒe gbɔgbɔ le mia me mahã?


Míele fu kpem ŋutɔ le míaƒe anyigbadziŋutilã siawo me, eya ta wòle mía dzrom vevie, eye míele mɔ kpɔm gbe sia gbe be Aƒetɔ la atsɔ dziƒoŋutilã yeyewo ava do na mí abe awu ene.


Ke Mawu, ame si ŋutɔ dea dzi ƒo na ame siwo ƒo dzi ɖe le la de dzi ƒo na míawo hã esi Tito va ɖo mía gbɔ.


Fifia la, megavem be meŋlɔ agbalẽ sesẽ ma ɖo ɖe mi o, togbɔ be mexa nu geɖe le eŋu le gɔmedzedzea me hã la, menya be miawo hã miexa nu ɣeyiɣi kpui aɖe ko.


Míeda akpe na Mawu, ame si tsɔ nenem veviedodo nu le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me be wòakpe ɖe mia ŋu, axlɔ̃ nu mi abe nye ke ene.


Mele lalam, eye mele mɔ kpɔm be nyemawɔ naneke atsɔ ado ŋukpe ɖokuinye o, ke boŋ manɔ klalo ɣe sia ɣi aɖe gbeƒã Kristo abe ale si mewɔnɛ tsã ene. Menya be, mele agbe o, meku o, made bubu Kristo ŋu.


Togbɔ be nyemele mia gbɔ le ŋutilã me o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me. Mekpɔ dzidzɔ, elabena miele agbe nɔm nyuie, eye miaƒe xɔse hã le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le Kristo me.


Azɔ la, Timoteo trɔ gbɔ, eye wòtsɔ dzidzɔnya sia vɛ na mí be miaƒe xɔse kpe lɔlɔ̃ le Aƒetɔ la me gale te sesĩe ko abe tsã ene, eye be mieɖoa ŋku míaƒe mia gbɔ vava dzi kple dzidzɔ, eye miedi vevie be yewoakpɔ mí abe ale si míawo hã míedi vevie be míakpɔ mi ene.


Elabena míenya azɔ be miele te sesĩe nyateƒetɔe le Aƒetɔ la me.


Esia ta ele na mi be miaɖo to nyateƒenya siwo katã miese la nyuie, ne menye nenema o la, miate ɖa xaa tso nyateƒe la gbɔ.


Eliya nye amegbetɔ abe míawo ke ene. Edo gbe ɖa vevie be tsi megadza o, eye tsi medza ɖe anyigba dzi o ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ.


Enye dzidzɔ gã aɖe nam be makpɔ be viwò aɖewo le agbe nɔm le nyateƒea me abe ale si Fofo la de se na míe ene.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be metsi dzi vevie be maŋlɔ agbalẽ na mi tso ɖeɖe si ƒe gomekpɔlawo míenye la ŋuti hã la, edze ŋunye be maŋlɔe na mi, ado ŋusẽ mi be miaʋli xɔse si wotsɔ de asi na ame kɔkɔeawo zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa