Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 7:12 - Agbenya La

12 Eya ta ɖe meŋlɔ agbalẽ la koŋ be Mawu naɖe ale si melɔ̃a mi la afia, ke menye ɖe ame si wɔ vɔ̃ sia alo ame si ŋuti wowɔ vɔ̃ sia ɖo la ta o, ke boŋ be miaƒe veviedodo nu ɖe mía ta nadze ƒãa le mia dome le Mawu ƒe ŋkume.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eyata ne meŋlɔe na mi hã la, nyemeŋlɔe le amesi wɔ vɔ̃ sia ŋuti alo amesi ŋuti wowɔ vɔ̃ sia ɖo la ŋuti o; ke boŋ bene miaƒe veviedodo le mía ŋuti la nadze ƒã le mia dome le Mawu ƒe ŋku me.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 7:12
8 Mawu Ofanana  

Ame aɖe agblɔ be ɖe nyemelɔ̃ mi Kristotɔwo o, eya ta megblɔ esia ɖo, gake mele eme nenema o, elabena Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã nya be melɔ̃ mi vevie.


Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, metsina dzodzodzoe enuenu tso hamewo ƒe tsitsi ɖe edzi ŋuti.


Míawo la, míele abe ame siwo tsɔ mawunya la ɖo ŋgonu hele amewo blem, le ga xɔm le wo si la ene o. Esi wònye Mawue dɔ mí ta la, míeƒoa nu kple Kristo ƒe ŋusẽ la, eye Mawu ƒe ŋku le mía ŋu ɖaa.


Meŋlɔ agbalẽ ma na mi be makpɔe ɖa be miele klalo awɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi, eye be makpɔe ɖa be toɖoɖo ƒe gbɔgbɔ le mia me mahã?


Fifia la, megavem be meŋlɔ agbalẽ sesẽ ma ɖo ɖe mi o, togbɔ be mexa nu geɖe le eŋu le gɔmedzedzea me hã la, menya be miawo hã miexa nu ɣeyiɣi kpui aɖe ko.


(Elabena ne ŋutsu aɖe mate ŋu akpɔ eƒe aƒe sue la dzi be woanɔ agbe nyui o la, aleke wòawɔ akpɔ Mawu ƒe hame dzi?)


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa