2 Korintotɔwo 7:11 - Agbenya La11 Miawo ŋutɔ mikpɔ ɖa, nenem nuxaxa sia si miexa ɖe Mawu ƒe didi nu la he vevidodo geɖe vɛ na mi. Ena mieku kutri, eye mietsi dzimaɖi be yewoatsri nu vɔ̃ si ŋu meƒo nu le na mi la wɔwɔ. Vɔvɔ̃ ɖo mi le nuwɔna ma ta eye miedi gɔ̃ hã be mava kpe ɖe yewo ŋuti le nya sia me. Miehe to na ame siwo wɔ nu gbegblẽ sia hã vevie, eye mieɖe mia ɖokui fia be miede nu si wowɔ la dzi o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191311 Elabena kpɔ ɖa, nenem nuxaxa sia, si míexa ɖe Mawu ƒe didi nu la, aleke wòhewɔ veviedodo geɖe na mi? Ẽ mia ɖokui taʋiʋli, ẽ dzibibi, ẽ vɔvɔ̃, ẽ didi vevi, ẽ ŋuʋaʋã, ẽ hlɔ̃biabia hã! Nusianu me míeɖe mia ɖokui fia be, mienɔ dzadzɛ le nya sia me. Onani mutuwo |
Menye esi wòva ɖo mía gbɔ dedie la ɖeɖe koe na be míekpɔ dzidzɔ o, ke boŋ nya siwo keŋ wògagblɔ nam tso mia ŋuti tae; ale si miexɔe nyuie, ale si wònye miaƒe didi be yewoakpɔm, eye ale si wòve mi ŋutɔ be mele fu geɖe kpem kple ale si miele klalo be yewoalé nu siwo mefia mi la ko me ɖe asi la na megli kple dzidzɔ.