Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 7:1 - Agbenya La

1 Ke azɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu do ŋugbe gã siawo na mí ta la, mina míadzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ, eye míate ɖa xaa tso nu siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ la gbɔ, eye míanɔ agbe kɔkɔewo to Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, alé eƒe nyawo me ɖe asi sesĩe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 7:1
48 Mawu Ofanana  

Nu siwo wòɖo na wo be woawɔ la woe nye, “Ele be miawɔ nu sia nu ɣe sia ɣi le mawuvɔvɔ̃ me kple nuteƒewɔdziwo.


Aleke ɖekakpui awɔ, be eƒe mɔ dzi nanɔ dzadzɛe ɣe sia ɣi? To agbenɔnɔ ɖe wò nya la nu mee.


Yehowa ƒe sewo me kɔ; wonɔa anyi ɖaa. Yehowa ƒe sewo li ke sesĩe, eye ɖikeke aɖeke mele woƒe dzɔdzɔenyenye ŋu o.


O! Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nàgbugbɔ gbɔgbɔ si li ke la de menye.


Woɖea nu vɔ̃ ɖa to lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ me eye ame ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi to Yehowavɔvɔ̃ me.


Ame ka ate ŋu agblɔ bena, “Mewɔ nye dzi dzadzɛe, ŋutinye kɔ eye vɔ̃ mele ŋutinye o?”


ame siwo dza le woawo ŋutɔ ƒe ŋkume, evɔ womeklɔ ɖi si woƒo la ɖa le wo ŋuti o;


Yehowa vɔvɔ̃e nye be nàlé fu vɔ̃, eya ta metsri dada kple ɖokuidodoɖedzi, agbe baɖa nɔnɔ kple nya dzodzrowo gbɔgblɔ.


eya ta ɖe nuxaxa ɖa le wò dzime, eye nàte nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa xaa tso wò ŋutilã gbɔ, elabena ɖekapuimenɔnɔ kple ŋutsumeɖoɖo hã nye tofloko ko.


“Mile tsi ne mia ŋuti nakɔ. Miɖe miaƒe nu vɔ̃ɖiwo ɖa le nye ŋkume! Midzudzɔ vɔ̃wɔwɔ,


Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ ŋu, eye ŋutasẽla neɖe asi le eƒe susu vɔ̃wo ŋu, netrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ nublanui nɛ kple miaƒe Mawu la ŋu, elabena atsɔ wo akee faa.


wò ahasiwɔwɔ, wò ahiãgbetetewo kple wò gbolowɔwɔ ŋukpemanɔmetɔe! Mekpɔ wò ŋunyɔnuwɔwɔwo le togbɛwo dzi kple baliwo me. Oo, Yerusalem, babaa na wò. Va se ɖe ɣe ka ɣi nàƒo ɖi ase ɖo?”


O Yerusalem, klɔ nu tovo ɖa le wò dzi ŋu be nàkpɔ xɔxɔ. Va se ɖe ɣe ka ɣie susu vɔ̃ɖi anɔ mewò?


Ke ne dzesi ma megadze le nu lɔlɔ̃a nyanya vɔ megbe o la, woaganyae, eye woagate ŋu awɔ eŋu dɔ azɔ.”


“Wotsɔa ati ɖe sia ɖe ƒe kutsetse tsɔna dzea sii. Ati nyui la, ku nyui wòtsena, eye ati manyomanyo hã tsea ku manyomanyo.


Eya ta mizu blibo abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe ene.”


Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo dza le miaƒe dzi me, elabena miawoe akpɔ Mawu.


Le ɣeyiɣi siawo katã me la, tomefafa blibo nɔ hame siwo le Yudea, Galilea kple Samaria nutowo me la me. Esia wɔ be hame la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi, eye wògasẽ ŋu ɖe edzi wu le gbɔgbɔ me hã, eye wonɔ agbe le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã na dzidzeme blibo wo.


Se la va bena vodada la nasɔ gbɔ ɖe edzi. Gake afi si nu vɔ̃ sɔ gbɔ le la, amenuveve la sɔ gbɔ ɖe edzi wu,


elabena Mawu ƒle mi ho gã aɖee. Eya ta miwɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ŋu dɔ hena Mawu ƒe dodoɖedzi kple kafukafu elabena etɔwoe mienye.


Aƒetɔ Yesu Kristo kpɔna hã be Mawu ƒe ŋugbedodo ɖe sia ɖe va eme pɛpɛpɛ. Ne ŋugbedodoawo wu akpe nanewo hã la, wovaa eme, eye miegblɔa “Amen” to Kristo dzi hena Mawu ƒe kafukafu.


Mí katã míenɔ ko abe ame mawo ene tsã, míaƒe agbe ɖea nu vɔ̃ɖi siwo le mía me la fiana, eye míewɔa nu vɔ̃ siwo me míaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple susu vɔ̃wo kplɔa mí denae. Míedze agbe baɖa nɔnɔ gɔme, elabena wodzi mí kple dzɔdzɔme vɔ̃ɖi, ale míenɔ Mawu ƒe dɔmedzoe la te abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.


Esia ana be Mawu mía Fofo la nana be miaƒe dziwo nakpɔ ŋusẽ, anɔ dzadzɛ, ale be miate ŋu ado ɖe eŋkume fɔɖiɖimanɔŋui nenye be míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo trɔ gbɔ kple eƒe ame kɔkɔewo. Amen.


Elabena Mawu meyɔ mí be míava nye ame ƒoɖi siwo yɔ fũu kple dzodzro vɔ̃wo o, ke boŋ be míanye ame dzadzɛwo kple ame kɔkɔewo.


Azɔ la, Mawu ŋutɔ, ame si nye ŋutifafa ƒe Mawu la nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ, eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ, luʋɔ kple ŋutilã blibo la ɖo mokakamanɔŋui le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la.


Mieva ŋgɔgbevi la ƒe hame, ame si ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe dziƒo. Mieva Mawu, ame si nye amegbetɔwo katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la la gbɔ. Mieva ame dzɔdzɔe siwo wowɔ blibo la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ,


Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la, mina míada akpe ɖe eta, eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me,


Eya ta esi eƒe dzudzɔmeyiyi ƒe ŋugbedodo gali na mí ta la, mina míakpɔ nyuie be metsi mía dometɔ aɖeke nu o.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be míele nu ƒom alea hã la, kakaɖedzi le mía si be nya siawo meku ɖe mia ŋu o. Ke boŋ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ le ku nyuiwo tsem le miaƒe agbe me.


Mite ɖe Mawu ŋu kpokploe, eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi, nu vɔ̃ wɔlawo, miklɔ miaƒe asiwo, eye mi ame siwo nye dzi eve me susulawo la, miklɔ miaƒe dziwo me.


ke boŋ abe ale si ame si yɔ mi la le kɔkɔe ene la, miawo hã minɔ kɔkɔe le nu sia nu si miewɔna la me,


Esi mieyɔa Fofo si drɔ̃a ʋɔnu ame sia ame ƒe dɔ ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe la, minɔ agbe abe amedzrowo ene le afi sia le vɔvɔ̃ kɔkɔe me.


Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒe la me be lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.


Nɔvi veviwo, mele eƒom ɖe mia nu be abe amedzrowo kple mɔzɔlawo le xexea me ene la, be mite ɖa xaa tso ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo wɔa aʋa kple miaƒe luʋɔ la gbɔ.


Amenuveve katã ƒe Mawu la, ame si yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo me, le fukpekpe sue aɖe ko megbe la, ŋutɔ aɖo mi te, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi.


Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le kekeli me ene la, ekema míebɔ ha kple mia nɔewo, eye Yesu Kristo si nye Via ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti.


Gake ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema Mawu si nye nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ la atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti.


Ame siwo katã le mɔkpɔkpɔ me alea la wɔa wo ɖokuiwo dzadzɛe abe ale si eya hã le dzadzɛe ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa