Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 6:2 - Agbenya La

2 Elabena Mawu gblɔ be, “Meɖo to wò le nye amenuveɣi la, eye mekpe ɖe ŋuwò le xɔxɔgbe la.” Mele egblɔm na wò be, fifiae nye amenuveɣi, kpɔ ɖa fifiae nye xɔxɔgbe!

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Elabena egblɔ bena: „Meɖo to wò le amenuveɣi la, eye mexɔ na wò le xɔxɔgbe la dzi.“ Kpɔ ɖa, fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 6:2
10 Mawu Ofanana  

O! Yehowa, medo gbe ɖa na wò le wò amenuveɣi; O! Mawu, le wò lɔlɔ̃ gã la ta, tɔ nam kple wò xɔname si medana le edzi o.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le nye dɔmenyo ƒe ɣeyiɣiwo me la, matɔ na wò, eye le xɔxɔgbe makpe ɖe ŋu wò. Malé wò ɖe asi, eye mawɔ wò nànye nubabla na amewo, be nàgbugbɔ anyigba aɖo te, eye nagbugbɔ eƒe domenyinu siwo tsi yame la ama,


ne maɖe gbeƒã. Yehowa ƒe dɔmenyo ƒe ƒe la kple míaƒe Mawu la ƒe hlɔ̃biaŋkeke, eye mafa akɔ na konyifalawo.


“Emegbe la, metso eme va yi, eye esi mekpɔ be ètsi na srɔ̃ɖeɖe la, mekeke nye awu to ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò amama. Meka atam na wò, mebla nu kpli wò, eye nèzu tɔnye. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.


Wogblɔ nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ lae va yina.”


eye maɖe gbeƒã Aƒetɔ la ƒe ƒe nyui la.”


Ke mide dzi ƒo na mia nɔewo gbe sia gbe, zi ale si ɣeyiɣi li, ale be mia dometɔ aɖeke ƒe dzi maku atri to nu vɔ̃ ƒe beble me o.


Eya ta abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be, “Egbe ne miese eƒe gbe la,


Eya ta Mawu gaɖo ŋkeke bubu anyi si wòyɔ be “Egbe.” Ewɔ esia le ɣeyiɣi geɖe megbe esi wòƒo nu na David abe ale si míegblɔe va yi ene be, “Egbe ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzi me o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa