Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 6:13 - Agbenya La

13 Azɔ la, medi be maƒo nu na mi abe vinye ŋutɔŋutɔwo ene. Mina be miaƒe dɔ me nakɔ ɖe mía ŋu, eye mialɔ̃ mí tso dzi blibo me abe ale si míelɔ̃ mie ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Teƒeɖoɖo sia nu mele egblɔm na mi — abe ɖeviwo megblɔe na ene — bena miawo hã miakeke mia ɖokui.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 6:13
19 Mawu Ofanana  

Mele du dzi le wò sewo ƒe mɔ dzi, elabena èna nye dzi gbɔ ɖe me.


Nyee nye Yehowa, wò Mawu, ame si kplɔ wò do goe tso Egipte. Ke wò nu baa, eye mana wòayɔ.


Eya ta mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabia to gbedodoɖa me la, mixɔe se be miaxɔe, eye wòaka mia si hã.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele kuku ɖem na mi be miwɔ nu abe nye ene, elabena nye hã mezu abe miawo ene. Miewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋunye o.


Vinye lɔlɔ̃awo, megale veve sem ɖe mia nu abe funɔ si le ku lém la ene va se ɖe esime Kristo ƒe gbɔgbɔ ayɔ mia me mlɔeba.


Ɖe mieɖo ŋku edzi be, míeƒoa nu na mi abe ale si fofo ƒoa nu na viawoe la ene oa?


Vinye lɔlɔ̃awo, mele esia ŋlɔm ɖo ɖe mi be miagawɔ nu vɔ̃ o. Gake ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la, Yesu Kristo si nye Kɔkɔetɔ la li na mí, eye aƒo nu aʋli mía ta le Fofo la gbɔ.


Vinye lɔlɔ̃awo, migana míalɔ̃ mía nɔewo kple nya, alo kple aɖe ɖeɖe ko o, ke boŋ le nuwɔnawo kple nyateƒe me.


Vinye lɔlɔ̃awo, migana ame aɖeke nable mi ne miatra mɔ o. Ame si wɔa nu nyui la, enye ame dzɔdzɔe abe ale si eya hã le dzɔdzɔe ene.


Naneke medoa dzidzɔ nam wu be mase be vinyewo le agbe nɔm ɖe nyateƒe la nu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa