Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 5:6 - Agbenya La

6 Azɔ la, míele mɔ kpɔm kple dzideƒo na dziƒoŋutilã yeye sia xɔxɔ. Míenyae be zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me le afi sia la, míeɖo Aƒetɔ la gbɔ le dziƒo haɖe o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eyata dzi le mía ƒo ɖaasi, eye míenyae bena, ne míele aƒe le ŋutilã me la, míeɖo aƒe le Aƒetɔ la gbɔ haɖe o. —

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 5:6
15 Mawu Ofanana  

Elabena, ɣeyiɣi kpui aɖe ko míanɔ afi sia; míenye amedzro le anyigba dzi abe ale si mía fofowo nɔ do ŋgɔ na mí ene. Míaƒe ŋkekewo le anyigba dzi le abe vɔvɔlĩ ene; wo nu yina kaba eye wo teƒe buna.


Amedzroe menye le anyigba dzi, eya ta mègaɣla wò sededewo ɖem o.


“O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu nede to me na wò; mègado toku nye avifafa o. Amedzro kple mɔzɔla menye le gbɔwò abe ale si fofonyewo katã nɔ ene.


Ame si vɔ̃a Yehowa la, mɔ sesẽ aɖe le esi eye wòanye bebeƒe na viawo.


Ale Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Dzimetɔtrɔ kple anyinɔnɔ kpoo mee miaƒe ɖeɖe le, eye ɖoɖoezizi kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu mee miaƒe ŋusẽ le. Ke miegbe wo katã.


Aʋafia la gblɔ na wo be, “Gblɔ na Hezekia be: “ ‘Ale Asiria fia, fiagã la gblɔe nye esi: Nu ka dzi nètu wò dzideƒo sia ɖo?


Esia ta míenya be ne wokaka míaƒe xɔ siwo nye míaƒe ŋutilãwo la, Mawu ana ŋutilã yeye makumaku mí le dziƒo. Eye xɔ yeye siwo Mawu ana mí la menye amegbetɔwo ƒe asinudɔ o, ke Mawu ŋutɔe tu wo.


Ke dzideƒo blibo le mía si, eye wòdzroa mí gɔ̃ hã be míadzo le anyigbadziŋutilã sia me aɖanɔ Aƒetɔ la gbɔ le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe mavɔ la me.


Eya ta dzi megaɖe le mia ƒo o, elabena miaƒe dzideƒo ahe fetu geɖe vɛ na mi.


Ame siawo katã va ku esime wogalé xɔse me ɖe asi ko. Womexɔ nu siwo ƒe ŋugbe wodo na wo la o, ɖeko wokpɔ wo, do dzaa na wo le adzɔge, eye woʋu eme be amedzrowo kple mɔzɔlawo yewonye le anyigba dzi le afii.


elabena du si nɔa anyi ɖaa la, mele mía si le afii o, ke míele mɔ kpɔm na du si lava va.


Nye, ame si nye hamemegã, Kristo ƒe fukpekpewo ƒe ɖaseɖila kple ame si hã akpɔ gome le ŋutikɔkɔe si woaɖe afia la me la le edom ɖe hamemegã siwo le mia dome la gbɔ be


Nye, mia nɔvi Yohanes, ame si kpe fu kpli mi le Aƒetɔ la ta lae le agbalẽ sia ŋlɔm na mi. Nye hã mekpɔ gome le dzidodo si Mawu nana la me, eye miakpɔ gome le eƒe fiaɖuƒe la hã me! Menɔ Patmo Ƒukpo dzi. Woɖe aboyom yi afi ma le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ŋuti ɖaseɖiɖi ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa