Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 5:5 - Agbenya La

5 Mawu ŋutɔe ɖoe be tɔtrɔ sia nava míaƒe agbenɔnɔ me, eya ta wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de mía me abe kpeɖodzinu ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke amesi dzra mi ɖo na esia la, enye Mawu, amesi na Gbɔgbɔ ƒe awɔbanu hã mi.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 5:5
11 Mawu Ofanana  

Ne wokpɔ wo viwo le wo dome; nye asinudɔwɔwɔwo la, woalé nye ŋkɔ kɔkɔe la me ɖe asi. Woade dzesi Yakob ƒe kɔkɔetɔ la ƒe kɔkɔenyenye, eye woavɔ̃ Israel ƒe Mawu la.


Ekema wò amewo katã anye dzɔdzɔetɔwo, eye anyigba anye wo tɔ tegbee. Wonye ati fɛ̃ si medo, kple nye asinudɔwɔwɔwo be woaɖe nye ŋutikɔkɔe afia.


Edɔm be mana nu Zion ƒe nuxalawo, ne maɖɔ atsyɔ̃fiakuku na wo ɖe dzofi teƒe, dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ami ɖe nuxaxa teƒe, kafukafu ƒe awu ɖe gbɔgbɔ si bu mɔkpɔkpɔ teƒe. Woayɔ wo be dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo, ati siwo Yehowa ŋutɔ do, be yeatsɔ aɖe yeƒe bubu afiae.


Gake menye eya ɖeɖe koe o, ke boŋ mí ame siwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, míawo hã míele ŋeŋem le mía ɖokuiwo me hele vinyenye si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la lalam.


Eya ame si de dzesi mí abe viawo ene eye wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de míaƒe dziwo me abe kpeɖodzi be míenye etɔwo vavã la ene.


Xaxa kple fuwɔame siwo katã le mía dzi vam fifia la nu gbɔna yiyi ge kpuie, eye le esia teƒe la, Mawu ana eƒe yayrawo kple ŋutikɔkɔe si ƒo nuwo katã ta la mí ɖaa.


Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo míenye, ame siwo wowɔ le Kristo Yesu me hena dɔ nyuiwo wɔwɔ, dɔ siwo Mawu dzra ɖo ɖi na mí be míawɔ la.


Migado nuxaxa na Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, elabena eyae wotsɔ de dzesi mi hena miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ.


Ame siwo wɔna ɖe eƒe sewo dzi la nɔa agbe le eme, eye eya hã nɔa wo me. Eye aleae míenyana be ele agbe le mía me: Míenyae to Gbɔgbɔ si wòna mí la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa