Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 5:4 - Agbenya La

4 Zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me ko la, zi nenema ke míekpea fu siwo hea hũɖeɖe kple vevesese vaa mía dzi. Menye ɖe míebe míadzo kaba le anyigbadziŋutilã sia me o, ke boŋ míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be Aƒetɔ la natsɔ dziƒotɔ si nye agbe la atsyɔ na mí, be wòaɖu esi me míele fifia si gblẽna la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena mí amesiwo le agbadɔ me la, mieŋena, esi agba le mía kpem la ŋuti; elabena míele didim bena, woaɖe awu le mia ŋu o, ke boŋ bena, woaɖo awu na mi, bena agbe la nami nusi kuna la.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 5:4
8 Mawu Ofanana  

Ami ku tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le amewo ƒe ŋkume. Aɖe eƒe dukɔ la ƒe ŋukpe ɖa le anyigba blibo la dzi. Yehowae gblɔe.


Womu nye agbadɔ hexɔe le asinye abe ale si wowɔa alẽkplɔla ƒe agbadɔe ene. Abe ale si avɔlɔ̃la ŋlɔa eƒe avɔe heɖenɛ tso agbati me ene la, nenemae meŋlɔ nye agbee, eye nèna nye agbe wu enu zã kple keli.


Gake menye eya ɖeɖe koe o, ke boŋ mí ame siwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, míawo hã míele ŋeŋem le mía ɖokuiwo me hele vinyenye si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la lalam.


Ke mele nya ɣaɣla wɔnuku sia gblɔm na mi: Mí katã míaku o, ke woana ŋutilã yeyewo mí katã.


Míele fu kpem ŋutɔ le míaƒe anyigbadziŋutilã siawo me, eya ta wòle mía dzrom vevie, eye míele mɔ kpɔm gbe sia gbe be Aƒetɔ la atsɔ dziƒoŋutilã yeyewo ava do na mí abe awu ene.


Elabena menye gbɔgbɔ me ko míanɔ o, ke boŋ Mawu ado awu na mí esi nye dziƒoŋutilã la.


Mesusu be zi ale si mele ŋutilã ƒe agbadɔ sia me la, enyo be manɔ ŋku ɖom nu dzi na mi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa