Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 4:8 - Agbenya La

8 Womimi mí ɖo le go sia go me gake womegbã mí o, míetɔtɔ gake dzi meɖe le míaƒo o,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 womimi mí ɖo le go sia go me, gake gbɔgbɔtsixe metsi mía ƒo o: míetsi dzodzodzoe, gake míebu ŋuɖoɖo keŋ o;

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 4:8
26 Mawu Ofanana  

“Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke, gake womeɖu dzinye o.


gake Yehowa matsɔ wo agblẽ ɖe woƒe ŋusẽ te, alo wòaɖe mɔ be, woabu fɔ wo ne wokplɔ wo va ʋɔnui o.


Ame si vɔ̃a Yehowa la, mɔ sesẽ aɖe le esi eye wòanye bebeƒe na viawo.


Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ, ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie.


gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me. Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene. Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o. Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o.


Togbɔ be gboti meƒo se o eye wain metse ɖe wainkawo ŋu o, togbɔ be amiti metse o eye nuɖuɖu mele agble dzi o, togbɔ be alẽwo vɔ le alẽkpo me, eye nyiwo vɔ le nyikpo me hã la,


Nye la, nyemagblẽ mi ɖi abe tsyɔ̃eviwo ene o, matrɔ ava mia gbɔ.


Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe ta me edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe ta me nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi, elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi, eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me.


Esi menya be Kristo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu wònye be nu sia nadzɔ ɖe dzinye ta la, mekpɔa dzidzɔ be “ŋu” sia le nye ŋutilã me. Mekpɔa dzidzɔ hã be amewo dzuam, tia nye agbe yome, eye meɖoa xaxa kple hiã geɖe me, elabena mekpɔa ŋusẽ to gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye zi ale si megbɔdzɔ la, zi nenema ke mesẽa ŋue.


míeɣla naneke ɖe mi o, ke boŋ míelɔ̃ mi tso dzi blibo me, gake ewɔ nuku ŋutɔ be mieʋu miaƒe dziwo me ɖe mía ŋu abe ale si míawo míewɔe na mi ene o.


Ke boŋ le xaxawo, hiãkamewo kple yometiti geɖewo me hã la, míedoa dzi eye míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔla vavãwo ene.


Míekpɔ ŋutifafa aɖeke esi míeva ɖo Makedonia o, fukpekpewo sɔŋ koe ƒo xlã mí. Amewo do dzre na mí to mɔ ɖe sia ɖe dzi, eye vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi yɔ mía me fũu ŋutɔ.


Medi vevie be manɔ mia gbɔ fifia, ne nyemanɔ nu siawo ŋlɔm na mi o hafi; ke esi mía dome didi ta la, maʋu eme be nyemenya nu si tututu mawɔ o.


Samuel bia Saul be, “Nu ka ta nèɖe fu nam heyɔm vɛ?” Saul ɖo eŋu be, “Elabena meɖo xaxa gã aɖe me. Filistitɔwo gaho aʋa ɖe mía ŋu, ke Mawu gblẽm ɖi eye meɖo nya aɖeke ŋu to nyagblɔɖilawo dzi loo alo to drɔ̃ekuku me o. Eya ta meva yɔ wò be nàgblɔ nu si mawɔ la nam.”


Nyadzɔdzɔ sia te ɖe David dzi ŋutɔ, vevietɔ esi David ƒe amewo nɔ nu xam le wo viwo ta la, wode asi gbɔgblɔ me be yewoawui. Ke David tsɔ Yehowa eƒe Mawu do ŋusẽ eɖokui.


Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.” Ke vɔvɔ̃ ɖo eƒe akpoxɔnutsɔla la ŋutɔ eye melɔ̃ be yeawɔ Saul ƒe gbe dzi o. Eya ta Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi hedze enu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa