Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 4:14 - Agbenya La

14 Míenya be Mawu, ame si fɔ Aƒetɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la afɔ míawo hã kple Kristo ɖe tsitre, eye wòatsɔ mí kple miawo siaa nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 elabena mienya bena, amesi fɔ Aƒetɔ Yesu ɖe tsitre la, afɔ míawo hã kple Yesu, eye wòatsɔ mia kpli mi siaa atu tsitre afia.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 4:14
16 Mawu Ofanana  

Ke ame siwo ku le mewò la anɔ agbe; woƒe ŋutilãwo atsi tsitre. Mi ame siwo mlɔ ke me, minyɔ, eye miado dzidzɔɣli. Miaƒe ahũ le abe esi dzana le ŋdi la ene. Anyigba aɖe eƒe ame siwo ku la ɖe go.


Minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye miado gbe ɖa be ne edze Mawu ŋu la, miagakpɔ nu dziŋɔ siawo dometɔ aɖeke teƒe hafi miatsi tsitre ɖe Amegbetɔ Vi la ŋkume o.”


Gake Mawu ŋutɔ gaɖe Yesu tso ku ƒe ŋɔdzi me, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, elabena ku ƒe ŋusẽ mate ŋu aɖu Yesu dzi o.


Mawu fɔ Yesu sia ɖe tsitre tso ku me, eye mí katã míenye ɖasefowo na tsitretsitsi sia.


Eye ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le agbe le mia me la, ekema ame si fɔ Kristo ɖe tsitre la agbɔ agbe miaƒe ŋutilã siwo kuna la to eƒe Gbɔgbɔ si le agbe le mia me la dzi.


Gbe ɖeka la, Mawu afɔ miaƒe ŋutilã ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, abe ale si tututu wòtsɔ eƒe ŋusẽ fɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ene.


Metsɔ Mawu ƒe ŋuʋaʋã le ŋu ʋãm le mia ŋu; elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, si nye Kristo be mianye eya ɖeka ko tɔ, abe ale si ɖetugbi dzadzɛ tsɔa eƒe lɔlɔ̃ naa ŋutsu si ƒe ŋugbe wodo nɛ la ene.


ale be yeate ŋu axɔe na ye ɖokui abe ŋutikɔkɔe hame si dza, eye ɖiƒoƒo kple kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele eŋu o la ene, ke boŋ be wòanɔ kɔkɔe, eye fɔɖiɖi aɖeke maganɔ eŋuti o.


Kristo wɔ esia to eƒe ku me abe amegbetɔ ene, hekplɔ mi va Mawu ƒe ŋkumee; miele tsitre ɖe Mawu ŋkume ame maɖifɔwoe, eye naneke kura megale mia ŋuti si ana woaka mo na mi o.


Eya ta afi sia afi si míeyina la, míeƒoa nu tso Kristo ŋuti na ame siwo katã le klalo be yewoaɖo to mí la. Míefiaa nu wo, eye míexlɔ̃a nu wo vevie abe ale si míate ŋui ene. Míedina be míakplɔ ame sia ame ayi Mawu ƒe ŋkume fɔɖiɖimanɔŋui, ɖe dɔ si Kristo wɔ na wo dometɔ ɖe sia ɖe la ta.


Míexɔe se bena Yesu ku, eye wògatsi tsitre, eya ta míexɔe se bena Mawu afɔ ame siwo dɔ alɔ̃ le Yesu me la kple Yesu.


Eye gbe si wodo ɖa le xɔse me la ana be amea ƒe lãme nasẽ, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre. Ne ewɔ nu vɔ̃ hã la, woatsɔe akee.


Azɔ, eya ame si tea ŋu léa mí ɖe asi be míagadze anyi o, be wòakɔ mi aɖo eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋgɔ kpɔtsɔtsɔmanɔŋui le dzidzɔ gã me lae mede mi asi na;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa