Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 3:3 - Agbenya La

3 Amewo akpɔe be miezu agbalẽ si tso Kristo gbɔ to mía dzi. Menye agbalẽ si woŋlɔ kple nuŋlɔtsi o, ke boŋ esi wotsɔ Mawu gbagbe la ƒe Gbɔgbɔ ŋlɔe ɖe miaƒe dziwo me, ke menye ɖe nuŋlɔkpewo dzi o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 elabena edze ƒã bena, míenye Kristo ƒe agbalẽ, si wotsɔ míaƒe subɔsubɔdɔ wɔe, si wometsɔ agbalẽŋlɔtsi ŋlɔe o, ke boŋ Mawu gbagbe ƒe Gbɔgbɔ lae wotsɔ ŋlɔe; womeŋlɔe ɖe nuŋlɔkpewo dzi o, ke ɖe nuŋlɔkpe, siwo nye ŋutilã ƒe dziwo la dzi boŋ.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 3:3
35 Mawu Ofanana  

Medi be mawɔ wò lɔlɔ̃nu, O! Nye Mawu, woŋlɔ wò se la ɖe nye dzi me.”


Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu, ɖe Mawu gbagbe la ŋu. Ɣe ka ɣi mayi aɖado go Mawu?


Yehowa, wò xɔxɔnuwo le nye luʋɔ dzrom kutɔkutɔe. Nye dzi kple ŋutilã le vivi dom ɖe Mawu gbagbe la ŋu.


Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Va gbɔnye le to la dzi, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime matsɔ Se siwo meŋlɔ ɖe kpewo dzi la ana wò, ale be nàte ŋu akpɔ wo dzi, afia seawo dukɔ la.”


Esi Yehowa wu eƒe nuƒoƒo kple Mose nu le Sinai to la dzi la, etsɔ kpe eve siwo dzi eya ŋutɔ tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ Se Ewoawo ɖo la na Mose.


Mose ɖi tso to la dzi. Elé kpe eve siwo ƒe akpa eveawo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la ɖe asi.


Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpa kpe gbadzɛ eve abe gbãtɔwo ene, eye maŋlɔ Se siwo nɔ kpe siwo nègba la dzi la ɖe wo dzi.


Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ megate ɖa le gbɔwò gbeɖe o, tsɔ wo de kɔ eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.


Bla wo ɖe wò asibidɛwo ŋu eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.


Ke Yehowa koe nye nyateƒe ƒe Mawu, eyae nye Mawu gbagbe kple Fia mavɔ. Ne ebi dzi la, anyigba ʋuʋuna eye dukɔwo mate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu o.


“Wotsɔ ganuŋlɔnu kple nuŋlɔti si kpe xɔasi aɖe le nugbɔ na la ŋlɔ Yuda ƒe nu vɔ̃ ɖe woƒe dziwo ƒe nuŋlɔkpewo dzi, kple woƒe vɔsamlekpuiwo ƒe dzowo ŋuti.


“Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la le ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe. “Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti. Manye woƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.


Mana dzi si to mɔ ɖeka wo, eye made gbɔgbɔ yeye wo me. Maɖe kpedzi la ɖa le wo me, eye mana lãkusidzi wo.


Nyee de se be le nye fiaɖuƒea me la, ame sia ame navɔ̃ eye wòade bubu Daniel ƒe Mawu ŋu. “Elabena eyae nye Mawu gbagbe la eye wòanɔ anyi tegbee; Womagbã eƒe fiaɖuƒe la o eye eƒe dziɖuɖu nu matso o.


Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe Vi.”


Ke ame ka tututue nye Apolo alo nye Paulo ŋutɔ, be mianɔ dzre wɔm ɖe mía ta? Mawu ƒe dɔla maɖinu siwo wòna ŋutete tɔxɛ aɖewo ko míenye eye to míaƒe dɔwɔwɔwo me la, miexɔ Mawu dzi se.


Mawue nye ame si na míedze be míanye Nubabla Yeye la ƒe gbeƒãɖelawo. Nubabla Yeye sia to vovo sãa tso xoxoa si nye se siwo woŋlɔ la gbɔ. Ke yeyetɔ nye be míasubɔ Mawu le Gbɔgbɔ me elabena Gbɔgbɔ lae gbɔa agbe ame, ke seawo ɖeɖe ko dzi wɔwɔ kplɔa ame yia ku me.


Enye nyateƒe be Mose xɔ se siwo woŋlɔ ɖe kpe dzi, siwo dzi mawɔmawɔ hea ku vɛ la, le ŋutikɔkɔe gã aɖe me. Eye esi wòtrɔ gbɔ va kple seawo la, keklẽ gã aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be Israelviwo mete ŋu kpɔ eƒe ŋkume gɔ̃ o, gake ŋutikɔkɔe ma nu va yi xoxo.


Nenema ke mele be ɖekawɔwɔ aɖeke nanɔ gbedoxɔ kple trɔ̃xɔ dome o. Míawoe nye Mawu gbagbe la ƒe gbedoxɔ, afi si wònɔna. Mawu ŋutɔ gblɔ be, “Manɔ ame siwo nye tɔnyewo la dome, mazɔ le wo dome. Manye woƒe Mawu, eye woawo hã woanye nye dukɔ.”


elabena woawo boŋ gblɔa ale si miexɔ mí kple dzidzɔ manyagblɔ kple ale si mietrɔ tso trɔ̃subɔsubɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye Mawu gbagbe nyateƒetɔ la koe zu miaƒe Aƒetɔ la na mí.


“Esia nye nu si mabla kpli wo le ɣeyiɣi ma megbe, Yehowae gblɔe. Matsɔ nye sewo ade woƒe dziwo me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe susuwo me.”


Azɔ la esiae nye nu si mabla kple Israel ƒe aƒe la, le ŋkeke siwo gbɔna la me. Aƒetɔ lae gblɔe. Matsɔ nye sewo ade woƒe susuwo me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo ŋu. Manye woƒe Mawu, eye woawo hã woanye nye dukɔ.


ekema Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vanɛ la me wu, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la.


Egbe la, miadze sii kɔtɛe be Mawu gbagbe la le mia dome, eye wòanya Kanaantɔwo, Hititɔwo, Hivitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, kple Yebusitɔwo le anyigba si xɔ ge míala fifia la dzi.


“Ŋlɔ agbalẽ na Efeso Hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye nya siwo tso ame si lé ɣletivi adre ɖe nuɖusi, eye wòle zɔzɔm le sikakaɖiti adreawo dome la gbɔ.


“Ŋlɔ agbalẽ na Pergamo Hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye ame si lé yi ɖaɖɛ nuevee ɖe asi la ƒe nyawo.


“Ŋlɔ agbalẽ na Tiatira hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye Mawu Vi la ƒe nyawo, ame si ƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo le abe gadzĩ si le keklẽm la ene.


“Ŋlɔ agbalẽ na Smirna hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye nya siwo tso eya ame si nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu, ame si ku, eye wògale agbe la gbɔ.


“Ŋlɔ agbalẽ na Sardis hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye nya siwo ame si lé Mawu ƒe Gbɔgbɔ adreawo kple ɣletivi adreawo ɖe asi la gblɔ. Menya wò dɔwɔwɔwo; wò ŋkɔ ɖi le teƒewo be èle agbe, gake èku


“Ŋlɔ agbalẽ sia na hame si le Laodikea ƒe mawudɔla, Nya siawo tso ame si nye Amen, ame si nye ɖaseɖila, nuteƒewɔla kple anukwaretɔ, ame si nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la gbɔ.


Ame siwo to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.”


“Ŋlɔ agbalẽ na Filadelfia hamea ƒe mawudɔla be, Esiawo nye ame si le kɔkɔe, nye nyateƒetɔ, eye David ƒe safui le esi la ƒe nyawo. Nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o, eye nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o.


David bia ŋutsu siwo nɔ tsitre ɖe egbɔ la be, “Nu kae woawɔ na ŋutsu si awu Filistitɔ sia ahaɖe ŋukpe sia ɖa le Israel ŋu? Ame kae nye Filistitɔ, bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa