Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 3:12 - Agbenya La

12 Azɔ esi mɔkpɔkpɔ sia le mía si ŋuti la, dzika metsoa mía ƒo o, eye míegblɔa nya la kple dzideƒo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Azɔ esi mɔkpɔkpɔ sia le mia si ŋuti la, míewɔa dzideƒo geɖe ŋuti dɔ le nuƒoƒo me,

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 3:12
21 Mawu Ofanana  

Yudatɔwo ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ be, “Ɣe ka yie nàna míatsi dzimaɖi se ɖo? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi.”


“Togbɔ be meƒoa nu na mi to lododowo me hã, ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ maƒo nu na mi faa tso Fofonye la ŋu.


Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be, “Azɔ la, èle nu ƒom na mí faa, menye le lododowo me o.


Esia hã meɖe dzi le Paulo kple Barnabas ƒo kura o, ke boŋ wonɔ dua me hegblɔ amenuvevenya kple dzideƒo ɣeyiɣi didi aɖe. Aƒetɔ la na ŋusẽ wo wowɔ nukunu kple dzesi geɖewo be yewoafia kɔtɛe be eƒe nya la kakam yewole vavã.


Esi takpekpea kpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, evɔ wonye ame gbɔlo siwo menya agbalẽ o la, woƒe mo wɔ yaa, eye wode dzesii be ame siawo nɔ Yesu ŋu va yi.


Ke Barnabas kplɔ Saulo va apostoloawo gbɔe. Eƒo nu na wo tso ale si Saulo kpɔ Aƒetɔa le Damasko mɔ dzi, nya siwo wògblɔ nɛ kple ale si Saulo gblɔ mawunya kple ŋusẽ tɔxɛ le Yesu ƒe ŋkɔ me la ŋu na wo.


Ke eva eme be Helatɔ siwo trɔ zu Yudatɔwo la dometɔ aɖewo, ame siwo Saulo he nya kplii la wɔ ɖoɖo be yewoawui.


Ke ne míele Mawu subɔm le hame la, anyo be magblɔ nya atɔ̃ siwo gɔme amewo ase, eye wòanye kpekpeɖeŋu na wo wu magblɔ nya akpe ewo “ɖe gbe manyamanyawo me.”


Azɔ la, nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi kple dzigbɔɖi kple tufafa abe ale si Kristo ŋutɔ awɔ ene. Ke mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, ne mele adzɔge la, nye nya dzi “sesẽna”, gake ne meva yewo gbɔ ko la, menɔa anyi abe “vɔvɔ̃nɔtɔ” ene.


Eya ta ne nu xoxo si nu va yi la kpɔ ŋutikɔkɔe nenema la, ekema Mawu ƒe nubabla yeye si hea agbe mavɔ vɛ la ƒe ŋutikɔkɔe la mele gbɔgblɔ me o, elabena eya anɔ anyi ɖaa.


Abe ale si woŋlɔ ɖe mawunya me ene be, “Mexɔe se, eya ta meƒo nu ɖo” la, nenema ke míawo hã míexɔe se, eya ta míadzudzɔ nuƒoƒo o.


Meɖoa dzi ɖe mia ŋu ŋutɔ, eye medana ɖe mia dzi hã ŋutɔ, eye togbɔ be nuxaxa kple vevesese geɖe le dzinye hã la, ne meɖo ŋku mia dzi ko la, dzideƒo ɖoa asinye eye dzidzɔ yɔa menye taŋtaŋtaŋ.


Eye nye gamenɔnɔ na be kristotɔ siwo katã le afi sia la megavɔ̃na na gamenɔnɔ o. Ke Aƒetɔ la de dzi ƒo na wo ale gbegbe be womegavɔ̃a gbeƒãɖeɖe nyanyuie la o.


Mele lalam, eye mele mɔ kpɔm be nyemawɔ naneke atsɔ ado ŋukpe ɖokuinye o, ke boŋ manɔ klalo ɣe sia ɣi aɖe gbeƒã Kristo abe ale si mewɔnɛ tsã ene. Menya be, mele agbe o, meku o, made bubu Kristo ŋu.


Mido gbe ɖa be magblɔe eme nakɔ abe ale si mate ŋui ene.


Mienya ale si wowɔ funyafunya mí kple ale si míekpe fu le Filipi hafi va ɖo mia gbɔ la hã. Ke Mawu na dzideƒo tɔxɛ mí, be míagblɔ nyanyui ma ke na mi, togbɔ be futɔwo ƒo xlã mí gɔ̃ hã.


Kpeɖeŋutɔ siwo wɔ dɔ nyuie la ƒe fetu anye be amewo naɖo bubu na wo, eye woawo ŋutɔ ƒe dzideƒo kple xɔse le Yesu Kristo me hã atsi ɖe edzi.


Eya ta togbɔ be dzideƒo le asinye le Kristo me be mate ŋu azi dziwò be nàwɔ nu si dze be nàwɔ hã la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa