Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 2:4 - Agbenya La

4 Nuxaxa kple vevesese geɖe nɔ nye dzi me, eye aɖatsi ge le mo nam gɔ̃ hã le agbalẽ ma ŋɔŋlɔ me, eye menye ɖe meŋlɔ agbalẽ la be mana miaxa nu o. Ke boŋ meŋlɔe be mana miadze si ale si melɔ̃ mi vevie.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena le fukpekpe geɖe kple dzimexaxa me metsɔ adatsi geɖe ŋlɔ ɖo ɖe mi, menye bene wòana miaxa nu o, hafi bene miadze si lɔlɔ̃, si metsɔ lɔ̃ mi vevie wu la.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 2:4
12 Mawu Ofanana  

Aɖatsi le sisim le nye ŋkuwo me abe tɔʋu ene, elabena womewɔ wò sewo dzi o.


Metsɔ Mawu ƒe ŋuʋaʋã le ŋu ʋãm le mia ŋu; elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, si nye Kristo be mianye eya ɖeka ko tɔ, abe ale si ɖetugbi dzadzɛ tsɔa eƒe lɔlɔ̃ naa ŋutsu si ƒe ŋugbe wodo nɛ la ene.


Enye dzidzɔ nam be matsɔ ɖokuinye kple nu siwo le asinye la na mi be miatsi ɖe edzi le gbɔgbɔ me, gake zi ale si mele mia lɔ̃m ɖe edzi la, zi nenema ke miaƒe lɔlɔ̃ nam hã dzi le ɖeɖem kpɔtɔ.


Meŋlɔ agbalẽ ma na mi be makpɔe ɖa be miele klalo awɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi, eye be makpɔe ɖa be toɖoɖo ƒe gbɔgbɔ le mia me mahã?


Eya ta ɖe meŋlɔ agbalẽ la koŋ be Mawu naɖe ale si melɔ̃a mi la afia, ke menye ɖe ame si wɔ vɔ̃ sia alo ame si ŋuti wowɔ vɔ̃ sia ɖo la ta o, ke boŋ be miaƒe veviedodo nu ɖe mía ta nadze ƒãa le mia dome le Mawu ƒe ŋkume.


Elabena megblɔe na mi zi geɖe kpɔ, eye megale egblɔm na mi fifia kple aɖatsi be ame geɖewo le kristotɔwo ƒe mɔ dzi zɔm, gake le nyateƒe me la, wonye Kristo ƒe atitsoga la ƒe futɔwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa