Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 2:16 - Agbenya La

16 Nunana nyui si Kristo tsɔ na mí la ɖi ku ƒe ʋeʋẽ na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m. Ke le ame siwo xɔ Kristo dzi se ya gbɔ la, míenye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si naa agbe. Azɔ biabia lae nye be ame ka ŋu ŋutete le be wòawɔ dɔ siawo?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 hena amesiawo la azu ku ƒe ʋeʋẽse heyina ku me, ke hena ame kemewo la azu agbe ƒe ʋeʋẽse heyina agbe me. Eye ameka de nusiawo nu mahã?

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 2:16
9 Mawu Ofanana  

eye miesa dzovɔ na Yehowa tso miaƒe lãhawo me, abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu la ene, nenye numevɔsa alo vɔsa siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe tɔxɛwo ŋu, lɔlɔ̃nununana alo Ŋkekenyuiwo ƒe vɔsawo ŋu la,


Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Maria be, “Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo ene,


Yesu gblɔ nɛ be, “Nye la, ʋɔnudɔdrɔ̃ ta meva xexea me ɖo, be ŋkuagbãtɔwo nakpɔ nu, eye ame siwo le nu kpɔm la nazu ŋkuagbãtɔwo.”


Ke nu sia nu si menye fifia la tso Mawu ƒe dɔmenyo kple amenuveve si tɔgbi wòkɔ ɖe dzinye la gbɔ, eye menye dzodzroe o. Elabena mewɔ dɔ sesĩe wu apostolo bubuawo katã, evɔ le nyateƒe me la, menye nyee le ewɔm o, ke Mawue le ewɔm le menye, be yeayram.


Miaƒe nuwɔnae na be meƒo nu, do ɖokuinye ɖe dzi abe bometsila ene. Evɔ la, miawoe wòle be miakafum, ke menye nye ŋutɔ wòle be makafu ɖokuinye hafi o, eye togbɔ be nyemele naneke me o hã la, naneke mele miaƒe apostolo mawo si si mele asinye o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa