2 Korintotɔwo 2:14 - Agbenya La14 Ke akpe na Mawu be to nu si Kristo wɔ me la, míekpɔ dziɖuɖu eye míekaka nyanyui la abe ami ʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ ene ɖe amewo dome le afi sia afi si míeyi. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191314 Ke woada akpe na Mawu, si nana mieɖua dzi ɖaasi le Kristo me, eye wòɖe eƒe sidzedze ƒe ʋeʋẽ lilili la ɖe go fia to mía dzi le afisiafi. Onani mutuwo |
Nu ɖeka si ku ɖe nu sia ŋuti la koe nye be miaxɔ nyateƒe la dzi ase blibo, abe ame siwo gɔme woɖo anyi eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyui la ƒe mɔkpɔkpɔ si miese la gbɔ o. Esia nye nukunya kple nya si va na mi katã, eye wòle kakam ɖe xexe blibo la katã me fifia. Eye enye dzidzɔ na nye, Paulo, be masubɔ agblɔ nya sia na ame bubuwo.