Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 2:12 - Agbenya La

12 Esi meva Troa be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la le afi ma la, mekpɔ be Aƒetɔ la ŋutɔ ʋu mɔ nam be dɔ la nayi edzi nyuie,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke esi meva Troa Kristo ƒe nyanyuie gblɔ ge, eye woʋu ʋɔtru nam le Aƒetɔ me la,

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 2:12
20 Mawu Ofanana  

Esi wogbɔ va ɖo Antioxia la, woyɔ xɔsetɔawo katã ƒo ƒu hegblɔ nu gã siwo Mawu wɔ kpli wo la na wo. Wogblɔ ale si Mawu ʋu xɔse ƒe mɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã na ameawo.


Míeɖo tɔdziʋu le Troa va Samotrake, eye le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Neapoli.


ke boŋ woto Misia nuto me heyi Troa.


Wosi akaɖiwo ɖe afi si míenɔ le dziƒoxɔa dzi.


Nye Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla, ame si wotia be wòanye mawunyadɔgbedela, eye wodɔe be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la.


elabena mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe li nam be magblɔ mawunya eye mafia nu le afi sia. Mɔnukpɔkpɔ geɖewo li, ke futɔwo hã sɔ gbɔ.


Miewɔnɛ abe ale si wòdze ene na nyagblɔla bubuawo. Ke míawo la, togbɔ be ele be miakpɔ mía dzi hã la, míebia naneke mi kpɔ gbeɖe o. Ke boŋ míawo ŋutɔ míekpɔa mía ɖokuiwo dzi ɣe sia ɣi. Míelĩ fe ame aɖeke kpɔ o, elabena míele vɔvɔ̃m be ne míewɔ esia la, dzi aɖe le mia ƒo eye miagbɔdzɔ le Kristo ƒe nyanyui si míetsɔ vɛ na mi la ŋuti.


Nenema ke Aƒetɔ ɖe gbe be ame siwo gblɔa nyanyui la fiana la, woakpɔ agbemenuwo tso nyanyui la me.


Elabena nyemedze na kafukafu tɔxɛ aɖeke le nye mawunyagbɔgblɔ ta o. Ele nam kokoko be manɔ egbɔgblɔ dzi ɣe sia ɣi madzudzɔmadzudzɔe. Ne meke atse dzudzɔ la, baba nam!


Míedze agɔ ne míegblɔ be ŋusẽ le mía si ɖe mia dzi o, elabena míawoe nye ame gbãtɔ siwo tsɔ Kristo ƒe nyanyui la vɛ na mi.


Nu si ta mele esiawo gblɔm lae nye be edze nam be mia beble le bɔbɔe, eye ne ame aɖe va mia gbɔ va ɖe gbeƒã Yesu bubu si to vovo tso esi ŋuti míefia nu mi le la gbɔ alo wòfia nu bubu sãa mi alo ƒo nu tso gbɔgbɔ bubu aɖe si mesɔ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si miexɔ o ŋuti la, miexɔa ame ma dzi sena bɔbɔe.


Azɔ esi meva mia gbɔ, eye meɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la na mi le ɖokuibɔbɔɖeanyi blibo me, eye nyemexɔ naneke le mia si o la, eyae nye nu vɔ̃ si mewɔ ɖe mia ŋu eya ta miebum ɖe naneke me oa?


Eya ta ne Kristo ƒe nyanyui si míele gbeƒã ɖem la gɔme sese sesẽ na ame aɖewo la, ekema ame siawo ɖo ta tsɔtsrɔ̃ me.


Satana, ame si le dzi ɖum le xexe vɔ̃ɖi sia me fifia lae gbã dzimaxɔsetɔwo ƒe ŋkuwo eye wòtsyɔ nu woƒe susuwo dzi. Ewɔ esia be womakpɔ kekeli si tso nyanyui la me le keklẽm ɖe wo dzi la eye woase nu si gblɔm míele tso Kristo si nye Mawu ƒe nɔnɔme la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu la gɔme o.


Mele nɔvi nyanyɛ bubu aɖe hã ɖom ɖa kpe ɖe Tito ŋuti le mɔzɔzɔ sia me. Hame geɖewo ɖi ɖase le ale si nɔvi sia hã kpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve la me be wòagblɔ Aƒetɔ la ƒe nyanyui la kple dzideƒo la ŋuti.


Nɔvi siwo katã ŋu miele kpekpem ɖo la makpɔ dzidzɔ le miaƒe nunana nyuiwo ɖeɖe ko ŋuti o, ke boŋ woakafu Mawu hã le miaƒe toɖoɖo Kristo ƒe nyanyui la ta. Eye miaƒe nunana hã nye kpeɖodzi be Kristo le mia me vavã.


Mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta be Mawu naʋu agbo na míaƒe mawunyagbɔgblɔ be míaɖe gbeƒã Kristo ƒe nu ɣaɣlawo, esi ta mele ga me le afi sia ɖo.


eye míeɖo Timoteo, mía nɔvi kple hadɔwɔla; Mawu ƒe dɔla si ɖea gbeƒã Kristo ƒe nyanyui la ɖe mi, be wòava do ŋusẽ miaƒe xɔse, eye wòade dzi ƒo na mi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa